Publicidade

Mateus 25

Lododo le ɖetugbi ewoawo ŋuti

1 Míatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya asɔ kple dziƒofiaɖuƒe la. Ɖetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe. 2 Wo dometɔ atɔ̃ nye abunɛtɔwo, eye ame atɔ̃ nye nunyalawo. 3 Abunɛtɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o. 4 Ke nunyalawo ya tsɔ ami ɖe woƒe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. 5 Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi megbe, ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me, eye womlɔ anyi alɔ̃.

6 "Ke le zãtitina la, ɣli ɖi be, Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!

7 "Ɖetugbiawo katã , eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo. 8 Tete abunɛtɔawo gblɔ na nunyalawo be, Mina miaƒe ami la ƒe ɖe , elabena míaƒe akaɖiawo le tsitsim.

9 "Gake woɖo eŋu na abunɛtɔawo be, Mía mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o, eya ta miyi ne miadze ɖe na mia ɖokuiwo.

10 "Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo, eye ame siwo klalo la yi srɔ̃ɖeƒe la kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu la.

11 "Emegbe la, ɖetugbi abunɛtɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu ɣli dom be, Aƒetɔ, ʋu agbo la na !

12 "Aƒetɔ la ɖo eŋu na wo be, Vavã mele egblɔm na mi bena, nyemenya mi o!

13 "Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye miadzra ɖo, elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o.

Lododo le talentomama ŋuti

14 "Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple Aƒetɔ aɖe si ɖo be yeawɔ mɔzɔzɔ ayi anyigba bubu aɖe dzi la. Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo hetsɔ ga home vovovo de asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ asi tsam va se ɖe esime yeagbɔ.

15 "Etsɔ sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ sidi akpe eve na ame evelia, eye wòtsɔ sidi akpe ɖeka na ame etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi. 16 Ame si sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake, eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o. 17 Ame si sidi akpe eve tsa asi kple etɔ, eye wògakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.

18 "Ke ame si sidi akpe ɖeka la ya yi ɖaɖe do ɖe anyigba, eye wòtsɔ eƒe Aƒetɔ ƒe ga la ɣla ɖe eme be wòanɔ dedie.

19 "Aƒetɔ la trɔ gbɔ le ŋkeke geɖewo megbe, eye wòyɔ dɔlawo be woava na akɔnta tso ga siwo wòtsɔ na wo la ŋuti. 20 Ame si wòtsɔ sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ sidi akpe ewo .

21 "Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la be, dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ, eya ta tso azɔ dzi la, matsɔ geɖe ade dzikpɔkpɔ te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim!

22 "Ame si sidi akpe eve la va gblɔ na Aƒetɔ la be, Aƒetɔ, ètsɔ sidi akpe eve nam, gake megakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.

23 "Aƒetɔ la gblɔ kple dzidzɔ be, nyui aɖee nye ema nèwɔ. Dɔla dzɔdzɔe kple nuteƒewɔlae nènye. Esi nèɖi anukware le ga home sue sia ŋu wɔwɔ me ta la, tso azɔ dzi la, matsɔ ga geɖe ade asi na .

24 "Ame si sidi akpe ɖeka la va do, eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be, Aƒetɔ, menya be nya ɖe wòsẽ; eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afi si mewu nu ɖo o, 25 ale menɔ vɔvɔ̃m be ne mekpɔ viɖe aɖe ɖe ga la dzi la, àxɔe le asinye bɔbɔe, eya ta metsɔ ga la ɣla ɖe to, eye esi nèva la, mehee ɖe go. Eyae nye esi.

26 "Aƒetɔ la ɖo eŋu kple dɔmedzoe be, Dɔla ̃ɖi kple kuviatɔe nènye; esi nènya be ame sesẽe menye, eye meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o, eye esi nènya be mele viɖe bia ge ɖe ga la dzi la, 27 ele na be nàtsɔ ga la ada ɖe gadzraɖoƒe nam teti be wòahe viɖe vi aɖe nam.

28 " Mixɔ ga la le ame ̃ɖi sia si, eye miatsɔe na ame si si sidi akpe ewo le la, 29 elabena ame si nu si wotsɔ ŋu nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee , be nu nasɔ gbɔ ɖe esi fũu. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la le esi. 30 Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.

Nuwuwu ʋɔnudɔdrɔ̃ la

31 "Ne Nye, Amegbetɔ Vi la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi. 32 Ekema dukɔ siwo katã le xexea me alo ame siwo katã le xexea me la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme, eye mama ameawo me ɖe akpa eve abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene. 33 Mada alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃awo anɔ nye miame.

34 "Ekema Nye, Fia la, magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime la be, Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke la me, 35 elabena esi wum la, miena nuɖuɖum, tsikɔ wum, eye miena tsim, medze mi abe amedzro ene, eye miexɔm atuu ɖe miaƒe aƒewo me. 36 Awu menɔ ŋunye o, gake mietsɔ awu nam medo. Medze , eye mieva kpɔm ɖa. Menɔ gaxɔ me, eye mieɖi tsa va gbɔnye.

37 "Ame dzɔdzɔewo abia be, Aƒetɔ, ɣe ka ɣi míekpɔ wuwòm, eye míena nuɖuɖu ? Alo tsikɔ wuwòm, eye míena tsi nèno kpɔ? 38 Ɣe ka ɣi nèva dze abe amedzro ene, 39 eye gbe ka gbee míetsɔ awu na nèdo kpɔ? Ɣe ka ɣi wode gaxɔ me alo nedze , eye míeva kpɔ ɖa?

40 "Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!

41 "Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me, 42 elabena esi wum la, miena nuɖuɖum o, tsikɔ wum miena tsim be mano o. 43 Meva dze mi abe amedzro ene, gake miexɔm o, menɔ amama, gake mietsɔ awu nam be mado o, medze , gake mieva kpɔm ɖa o, wodem gaxɔ me, gake medzro mi be miava do gbe teti nam o.

44 "Woawo aɖo eŋu nam be, Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ be, le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, eye míena nuɖuɖu alo tsi . Ɣe ka ɣi nèdze mía gbɔ, nèle amama, nèdze alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o mahã?

45 "Ale maɖo eŋu na wo be, Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miegbe be yewomawɔ nu siawo na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti o la, nyee nye ema miewɔ wo na o.

46 "Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-