Publicidade

Mateus 4

Abosam te Yesu kpɔ

1 Esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii be Abosam natee kpɔ. 2 Yesu tsi nu le afi sia ŋkeke blaene kple blaene, eye emegbe wui vevie. 3 Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ be, "Nenye wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ azu abolo na nàɖu."

4 Yesu ɖo eŋu be, "Woŋlɔe ɖi be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ "

5 Azɔ Abosam gakplɔe yi du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. 6 Egblɔ be, "Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi bena:

" Aɖe gbe na eƒe dɔlawo le ŋutiwò,

eye woatsɔ ɖe woƒe asiwo me

ale be màtsɔ afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ "

7 Yesu gagblɔ be, "Woŋlɔ da ɖi be, mègate Aƒetɔ Mawu kpɔ o."

8 Esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsyɔ̃eƒe ke, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo fiae. 9 Egblɔ be, "Matsɔ nu siawo katã na nenye be nèdze klo de ta agu nam ko."

10 Yesu blu ɖe Satan ta be, "Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, Aƒetɔ Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ "

11 Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe.

Yesu dze eƒe gɔme le Galilea

12 Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea, 13 ke egadzo le afi sia va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutowo me. 14 Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ da ɖi la nu be,

15 "Mi Zebulon kple Naftali,

mi anyigba siwo le ƒuta,

kple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo,

va se ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe Galilea,

16 miawoe nye ame siwo viviti me tsã,

gake fifia la, Kekeli aɖe klẽ na mi.

Mi ame siwo ku ƒe anyigba dzi,

Kekeli klẽ na mi."

17 Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, "Midzudzɔ nu ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo!"

Yesu eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo

18 Gbe ɖeka esi Yesu tsa ɖim le Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam, elabena ɖɔkplɔlawo wonye. 19 Yesu wo gblɔ na wo be, "Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo." 20 Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo.

21 Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye, Yakobo kple Yohanes kple wo fofo Zebedeo le ʋu me wonɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu nɔviŋutsu eveawo be woava dze ye yome. 22 Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome enumake.

Yesu da gbe le ameha aɖe ŋu

23 Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me. 24 Nukunu geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ ̃ ame me o, eda siawo katã. 25 Ameha aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la, wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nuto me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo ̃ tso keke Yɔdan tɔsisi la ƒe go evelia dzi ke.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-