Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateo 6:1-4,6

Nufiafia le dɔmenyowɔwɔ ŋuti

1 "Mikpɔ nyuie be miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyedɔwo le amewo ƒe ŋkume be woakpɔ o. Ne miewɔe nenema la, miaxɔ fetu aɖeke tso mia Fofo si le dziƒo la gbɔ o.

2 "Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. 3 Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o, 4 ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la natu fe na mi.

Nufiafia le gbedodoɖa ŋuti

(Luka 11:2-4)

6 Ne èbe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔ me nàtu ʋɔa, eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o la, ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.