31 Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o. 32 Elabena trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo la nya miaƒe hiahiãwo katã. 33 Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.
Publicidade