Pular para o conteúdo
Publicidade

Mateo 6:31-34

31 Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o. 32 Elabena trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo la nya miaƒe hiahiãwo katã. 33 Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. 34 Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.