Pular para o conteúdo
Publicidade

Obadia 1

Obadia ƒe Ŋutega

1 Ŋutega si Obadia kpɔ.

1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso Edom ŋutie nye esi:

Míese gbe tso Yehowa gbɔ be,

wodɔ dɔla aɖe be wòagblɔ na dukɔwo be,

"Mitso, mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!"

2 "Edom, kpɔ ɖa,

mawɔ nàzu sue le dukɔwo dome

eye maɖi gbɔ̃ vevie.

3 dzi ble , eye nèdana

elabena èle agakpewo tome,

eye nèle togbɛwo tame ke.

Ègblɔ le dzi me be:

Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?

4 Ne èdzo yi dzi ʋĩi abe ̃ ene

eye nèwɔ atɔ ɖe ɣletiviwo dome la,

matutu aƒu anyi tso afi ma."

Yehowae gblɔe.

5 "Ne fiafitɔwo va fi ,

eye adzodalawo va dze dziwò

le me hefi nuwo ɖe,

womagblẽ nanewo ɖi na oa?

O, gbegblẽ ka wòanye anɔ lalawòm!

Ne waintsetsefilawo va waingble me ɖe,

ɖe womagblẽ ʋɛ aɖewo ɖi na o mahã?

6 Ke woalɔ Esau ya ƒiaƒiaƒia,

woagblẽ eƒe kesinɔnu siwo

wòdzra ɖo la katã dome.

7 Ame siwo le dziwò la,

anya ɖe nu va se ɖe liƒowo dzi ke,

̃wòwo able eye woaɖu dziwò.

Ame siwo ɖua abolo la,

atre na ,

ke mànyae be le afi ma o.

8 "Le ŋkeke ma dzi la,

matsrɔ̃ nunyala siwo katã le Edom

eye maɖe ame siwo si gɔmesese le la ɖa

le Esau ƒe towo dzi."

Yehowae gblɔe.

9 Asrafo kalẽtɔ gãtɔ kekeake

le Teman azu vɔvɔ̃nɔtɔ

eye ame sia ame si le Esau ƒe towo dzi la,

atsi yi nu.

10 Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la,

ŋukpe alé eye woatsrɔ̃ gbidii.

11 Ènɔ tsitre nu kpɔm esi amedzrowo va

eƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖe

eƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi.

èle abe wo dometɔ ɖeka ene.

12 Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la,

mele be wòazu ŋunyɔnu na o

alo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudu

alo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o.

13 Migage ɖe nye amewo ƒe agbowo me

le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o,

migado vlo wo le woƒe gbegblẽ me,

le woƒe dzɔgbevɔ̃eŋkeke la dzi o

eye migaxɔ woƒe kesinɔnuwo le wo si

le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.

14 Migatsi tsitre ɖe mɔdzevewo nu be

miawu woƒe aʋasilawo

alo miatsɔ woƒe ame siwo susɔ la de asi

le woƒe dzɔgbevɔ̃egbe o.

15 "Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã.

Ale si miewɔ Israel la,

nenema kee woawɔ miawo hãe.

Miaƒe nu ̃ siwo miewɔ la

atrɔ ava miaƒe tawo dzi.

16 Abe ale si mienoe

le nye to kɔkɔe la dzi ene la,

nenema ke dukɔ bubuwo anoe tegbee;

woanoe, aganoe eye wòanɔ

abe ɖe dukɔ mawo menɔ anyi kpɔ o ene.

17 Ka ɖeɖe anɔ Zion to dzi

eye wòanye kɔkɔeƒe.

Yakob ƒe aƒe agaxɔ eƒe domenyinu.

18 Yakob ƒe aƒe anye dzo,

Yosef ƒe aƒe anye dzo ƒe aɖe

eye Esau anye gbe ƒuƒu.

Woatɔ dzoe eye wòabi keŋkeŋ.

Ame aɖeke matsi agbe

le Esau ƒe aƒe me o."

Yehowae gblɔe.

19 Azɔ dziehetɔwo atrɔ

ava Esau ƒe towo dzi,

ame siwo le Yuda ƒe balimenyigba dzi la

axɔ Filistitɔwo ƒe anyigba le wo si

eye Efraim kple Samaria azu wo .

Ke Benyamin axɔ Gilead wòazu etɔ.

20 Israelvi siwo le aboyo me le Kanaan la

axɔ anyigba va se ɖe Zarefat ke;

Yerusalemtɔ siwo le aboyo me

le Sefarat la ava du siwo le Negeb.

21 Xɔnametɔwo ava Zion to la dzi

eye woaɖu Esau ƒe todziduwo dzi tso afi ma.

Fiaɖuƒe sia anye Yehowa !

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também

Obadias
Ver todos os capítulos de Obadias