Pular para o conteúdo
Publicidade

Provérbios 25

1 Esiawoe nye Solomo ƒe lododo bubu siwo Yuda fia Hezekia ƒe dɔdzikpɔlawo ŋlɔ da ɖi.

2 Enye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe be wòaɣla nya;

eye fiawo ƒe bubue nye be woaku nya me.

3 Abe ale si dziƒo kɔe eye anyigba gogloe ene la,

nenemae womate ŋu adzro fiawo ƒe dzi me o.

4 Ɖe ɖi ɖa le klosalo ŋu,

ekema klosalonutula kpɔ dɔwɔnu.

5 Ɖe ame ̃ɖi ɖa le fia la ŋkume

ekema eƒe fiazikpui ali ke to dzɔdzɔenyenye me.

6 Mègado ɖokuiwò ɖe dzi le fia la ŋkume o

eye mègaʋli nɔƒe le amegãwo dome o.

7 Enyo be wòagblɔ na be,

"Va dzime le afii" wu be wòaɖiɖi le bubumewo ŋkume.

Nu si nèkpɔ kple ŋkuwo la,

8 mègatsɔ dzitsitsi ahee va ʋɔnui o

elabena nu ka nàwɔ le nuwuwua

ne hawòvi la do ŋukpe ?

9 Ne èle nya hem kple hawòvi la,

mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla o,

10 ne menye nenema o la,

ame si see la ado ŋukpe

eye ŋkɔ baɖa si le ŋuwò la maɖe ɖa akpɔ gbeɖe o.

11 Nya si wogblɔ dedie la,

le abe "sikaplu" le klosalogba me ene.

12 Ŋutsu nunyala ƒe mokaname le na to si le esem la

abe sikatogɛ alo sikatsyɔ̃ɖonu aɖe ene.

13 Dɔla nuteƒewɔla le na ame siwo dɔe la

abe ale si sno fanae le nuŋeɣi ene;

enana eƒe aƒetɔwo ƒe gbɔgbɔ gbɔna ɖe eme.

14 Ŋutsu si ƒoa adegbe le nunana siwo mena o ŋu la

le abe lilikpododo kple ya si medzaa tsi o la ene.

15 Dzigbɔɖie wotsɔna blea fia nue

eye aɖe bɔbɔe ate ŋu agbã ƒu.

16 Ne èke ɖe anyitsi ŋu la, no esi sinu nàte ŋui ko,

ne ènoe fũu akpa la, àdzɔe.

17 Mègaƒo afɔɖi hawòvi ƒe aƒe me o,

ne èle egbɔ dem kabakaba la, ava tsri .

18 Ŋutsu si ɖi aʋatsoɖase ɖe ehavi ŋu la le abe kpo,

yi alo aŋutrɔ ɖaɖɛ ene.

19 Dziɖoɖo ɖe nuteƒemawɔla ŋu le xaxaɣiwo le abe aɖu vovo

alo afɔ tutu ene.

20 Ame si dzi ha na dzi kpekpe la le

abe ame si ɖe awu kpekpe ɖi le vuvɔwɔgbe

alo "vinigae" wokɔ ɖe "soɖa" dzi ene.

21 Ne le ketɔ wum la, na nui wòaɖu,

ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano.

22 Ne èwɔ esia la,

àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi,

eye Yehowa ŋutɔ aɖo eteƒe na .

23 Abe ale si anyieheya hea tsidzadza ene la,

nenema amenyagblɔɖe dea adã mo na amee.

24 Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be

woanɔ aƒe ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.

25 Abe ale si tsi fafɛ faa akɔ na luʋɔ gbɔdzɔe ene la,

nenema kee nya nyui tso duta nɔna.

26 Ame dzɔdzɔe si na ame ̃ɖi la

le abe tsitsetse si me blu

alo vudo si me wolɔ gbe ɖo la ene.

27 Menyo be woano anyitsi fũu

alo wònye nu dzeame be ame nadi eya ŋutɔ ƒe bubu o.

28 Ame si meɖua eɖokui dzi o la

le abe du si ŋu wogbã gli le la ene.

Veja também