Publicidade

Provérbios 3

Nunya ƒe viɖe bubuwo

1 Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o,

eye nàlé nye sededewo ɖe dzi me,

2 elabena woadidi agbenɔƒewo ɖe edzi

ƒe geɖe, eye woahe dzidzedzekpɔkpɔ na .

3 Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o,

tsɔ wo de eye nàŋlɔ wo ɖe dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.

4 Ekema àkpɔ amenuveve kple ŋkɔ nyui

le Mawu kple amewo ŋkume.

5 Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo,

mègaku ɖe ŋutɔ nugɔmesese ŋu o;

6 ɖo ŋu ɖe eŋu le mɔwo katã dzi

ekema awɔ toƒewo dzɔdzɔe.

7 Mèganye nunyala le ŋutɔ ŋkume o,

ke boŋ ̃ Yehowa eye nàtsri ̃.

8 Esia ahe dɔyɔyɔ na ŋutilã

kple nunyiame na ƒuwo.

9 De bubu Yehowa ŋu kple kesinɔnuwo

kple agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,

10 ekema avawo ayɔ agbagba,

eye wain yeye ayɔ ahazewo agbagba.

11 Vinye, mègado vlo Yehowa ƒe amehehe o

eye mègagbe eƒe mokaname o

12 elabena Yehowa ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo

abe ale si fofo wɔna na vi si ƒe nu dzea eŋu la ene.

13 Woayra ame si ke ɖe nunya ŋu

kple ame si si gɔmesese su

14 elabena nunya asi wu klosalo

eye viɖe geɖe le eme wu sika.

15 Asixɔxɔ le eŋu wu adzagba

eye nu siwo katã dim nèle la,

ɖeke mesɔ kplii o.

16 Agbe didi le eƒe ɖusi ƒe asi me,

eye kesinɔnuwo kple bubu le eƒe miasi ƒe asi me.

17 Eƒe mɔwo nye siwo dzi vivi le

eye ŋutifafa le eƒe toƒewo katã.

18 Enye agbeti na ame siwo eya amea

eye ame siwo ƒe asi su edzi la woayra wo.

19 Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la ƒe gɔmeɖokpe anyii

eye wòtsɔ gɔmesese ɖo dziƒowo ɖe wo teƒe.

20 Etsɔ eƒe nunya ma gogloƒewoe

eye lilikpowo dzaa zãmu.

21 Vinye, afia nyui tsotso kple sidzedze me ɖe asi,

mègana woadzo le ŋkuwòme o.

22 Woanye agbe na

kple kɔga aɖo atsyɔ̃ na .

23 Ekema àlé atsɔ le dedinɔnɔ me

eye afɔ maɖiɖi o.

24 Ne èmlɔ anyi la, màvɔ̃ o,

ne èmlɔ anyi la, àdɔ alɔ̃ vivi.

25 Mègavɔ̃ ŋɔdzi si ava kpoyi

alo gbegblẽ si vaa ame ̃ɖiwo dzi o

26 elabena Yehowa anye dzideƒo

eye mana afɔ naɖo me o.

27 Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze ,

ne ele ŋusẽ me be nàwɔe o.

28 Mègagblɔ na aƒelika be,

"Yi nàtrɔ va, etsɔ matsɔe na " esi wòle asiwò fifia o.

29 Mègaɖo ̃ ɖe aƒelika,

ame si le gbɔwò le anukwareɖiɖi me la ŋu o.

30 Mègatsɔ nya ɖe ame aɖeke ŋu dzodzro

esi mewɔ ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o.

31 Mègabiã ŋu ŋutsu nu sesẽ wɔla

alo azɔ le eƒe aɖeke dzi o,

32 elabena Yehowa nyɔa ŋu ŋutsu nu tovo wɔla

gake elɔ̃a ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe.

33 Yehowa ƒe fiƒode le ame ̃ɖiwo

ƒe aƒe dzi, ke eyrana ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe aƒe dzi.

34 Yehowa ɖua fewu le dadala fewuɖulawo ŋu,

ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.

35 Nunyalawo nyia bubu ƒe dome,

ke bometsilawo la, etsɔa wo dea asi na ŋukpe.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-