Publicidade

Provérbios 9

Nunya kple bometsitsi ƒe amekpekpe

1 Nunya tu eƒe

eye wòɖo eƒe sɔti adreawo te.

2 Etrɔ asi le eƒe si wòwu ŋu,

tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ .

3 Edɔ eƒe dɔlanyɔnuwo

eye wòtsi tsitre ɖe dua ƒe kɔkɔƒe ke hedo ɣli be,

4 "Mi bebewuwo katã mige ɖe eme le afii!"

Egblɔ na numanyalawo be,

5 "Miva, miɖu nye nu

eye mino nye wain si metɔtɔ.

6 Miɖe asi le bometsitsi ŋu,

ekema mianɔ agbe eye miazɔ le gɔmesese me.

7 "Ame si le nya gbem na fewuɖula la le eƒe dzu dɔm

eye ame si ka mo na ame ̃ɖi la xɔa dzudzu.

8 Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la,

alé fu ; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ nya.

9 Fia nu nunyala, aganya nu ɖe edzi wu,

fia nu ame dzɔdzɔe eye agasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wònya xoxo la ŋuti.

10 "Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze

eye sidzedze Kɔkɔetɔ la nye gɔmesese

11 elabena to dzinye ŋkekewo adzi ɖe edzi fũu

eye woatsɔ ƒewo akpe agbenɔƒewo.

12 Ne èdze nunya la, nunya ahe viɖe na ;

ke ne ènye fewuɖula la, ɖeka koe akpe fu."

13 Nyɔnu bometsila la le ɣli dom,

womekplae o eye menya nu o.

14 Enɔ anyi ɖe eƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu,

enɔ anyi ɖe zikpui dzi le du la ƒe kɔkɔƒe kekeake

15 le ame siwo va le eme tsom la yɔm,

ame siwo woƒe tsɔ tẽe be,

16 "ame siwo katã nye bebewuwo la,

mige ɖe eme le afii!"

Egblɔna na ame siwo menya nu o la be,

17 "Tsi si wofi la vivina,

eye nu si woɖu le vivime la vivina!"

18 Ke womenya ̃ be ame kukuwo le afi ma o

eye eƒe ame kpekpewo le yɔdo ƒe gogloƒe ke o.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-