22 Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ, 23 elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kple nutatawo tɔ ene.
24 Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo. 25 Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatsoe; wosubɔa nuwɔwɔwo, eye wodea ta agu na wo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen.
26 Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la ɖɔli dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome. 27 Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome la ŋu, eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔa woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me.