Toɖoɖo dziɖuɖu
1 Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o. 2 Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ la gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ, eye tohehe adze nu sia yome. 3 Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm la o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm la, woavɔ̃ kpovitɔ ɣe sia ɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo, ekema eme anyo na wò.