17 Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ ene be: "Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo." Eyae nye mía fofo le Mawu ŋkume, ame si dzi wòxɔ se, Mawu, ame si naa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nu siwo meli o la abe ɖe woli ene.
18 Togbɔ be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o hã la, Abraham kpɔ mɔ le xɔse me, eye wòzu dukɔ geɖewo fofo, abe ale si wogblɔ nɛ ene be, "Nenema anye wò dzidzimeviwo." 19 Megbɔdzɔ le xɔse me o, eya ta mebu be yeƒe ŋutilã ku, esi wòxɔ abe ƒe alafa ɖeka ene, eye Sara hã ƒe vidzidɔ ku na vidzidzi o.
20 Ke meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me o, ke boŋ edo ŋusẽ eƒe xɔse, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu, 21 eye wòka ɖe edzi blibo be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo la.