Ŋutifafa kple mɔkpɔkpɔ
1 Eya ta esi wotso afia na mí to xɔse me la, ŋutifafa le mí kple Mawu dome to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, 2 ame si me mɔnukpɔkpɔ su mía si le to xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ si me míetsia tsitre ɖo la. Eye míeƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti.
3 Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me hã, elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo; 4 ke dzidodo dzia kelili, eye kelili dzia mɔkpɔkpɔ. 5 Ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wona mí la me.