9 Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o. 10 Esi wòku la, eku na nu vɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ɔ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. 11 Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu vɔ̃, gake yewole agbe na Mawu le Kristo Yesu me.
Publicidade