Pular para o conteúdo
Publicidade

Romatɔwo 8:19-25

19 Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le Mawu viwo ƒe ɖeɖefia la lalam. 20 Elabena nuwɔwɔ la le gbegblẽ me, nu si menye eƒe didi o, ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ, 21 be nuwɔwɔ la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.

22 Elabena míenya be nuwɔwɔ blibo la katã le veve sem abe fuɖuame ene va se ɖe fifi. 23 Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam. 24 Elabena woɖe mí to mɔkpɔkpɔ sia me. Gake mɔkpɔkpɔ si kpɔa nu kple ŋku la menye mɔkpɔkpɔ wònye o. Ame kae kpɔa mɔ na nu si su esi xoxo mahã? 25 Gake ne míele mɔ kpɔm na nu si mesu mía si haɖeke o la, míelalanɛ le dzigbɔɖi me.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.