Pular para o conteúdo
Publicidade

Romatɔwo 8:31-39

Míewu dziɖulawo

31 Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu? 32 Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa? 33 Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? Mawue nye afiatsola. 34 Ekema ame kae abu fɔ mí? Ame aɖeke mabu fɔ mí o. Kristo Yesue nye ame si ku; ke nu si gawu lae nye be eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime, eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo.

35 Nu kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ loo, dzɔgbevɔ̃e loo, alo yia? 36 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be,

"Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me;

wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene."

37 Gake le nu siawo katã me la, míeɖu dzi glo le ame si lɔ̃ mí la me. 38 Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, 39 eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.