33 Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? Mawue nye afiatsola. 34 Ekema ame kae abu fɔ mí? Ame aɖeke mabu fɔ mí o. Kristo Yesue nye ame si ku; ke nu si gawu lae nye be eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime, eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo.
Publicidade