Pular para o conteúdo
Publicidade

Rut 1:1,16,17,20,21

Elimelek kple Naomi ʋu yi Moabnyigba dzi

1 Le esime ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel dzi ɖum la, dɔ va to ɖe anyigba la dzi. Ŋutsu aɖe si tso Efraim ƒe to la me, tso Betlehem le Yudanyigba dzi la ʋu kple srɔ̃a kple viawo yi ɖanɔ Moabnyigba dzi.

16 Rut ɖo eŋu be, "Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo matrɔ le yowòme o. Afi si nàyi la, afi mae mayi, eye afi si nànɔ la, afi mae manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu. 17 Afi si nàku ɖo la, afi mae maku ɖo, eye afi mae woaɖim ɖo. Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe edzi. Naneke mama nye kple wò dome o, negbe ku ko."

20 Naomi ɖo eŋu be, "Migayɔm azɔ be Naomi o. Naomi gɔmee nye dzidzɔnu. Miyɔm azɔ be Mara. Mara gɔmee nye vevesese, elabena Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la na nye agbenɔnɔ zu vevesese sɔŋ. 21 Nu geɖewo nɔ asinye esi medzo le afi sia, ke Yehowa na metrɔ gbɔ kple asi ƒuƒlu. Nu ka ta miayɔm be Naomi esime Yehowa Ŋusẽkatãtɔ trɔ megbe dem, eye wòna fukpekpe va dzinye ɖo?"

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.