Tetekpɔ kple dodokpɔ
2 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne dodokpɔ ƒomevi geɖewo tu mi la, mibui dzidzɔ sɔŋ, 3 elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ. 4 Ele be dzidodo nawu eƒe dɔ nu, ale be miatsi, azu blibo, eye naneke mahiã mi o.
22 Miganye nya la selawo ko, ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu si nya la gblɔ la dzi, 23 elabena ame aɖe si se nya la, eye mewɔ ɖe edzi o la ɖi ame aɖe si kpɔ eƒe mo le ahuhɔ̃e me. 24 Ke esi wòdzo le ahuhɔ̃ea gbɔ la, megaɖo ŋku ale si eƒe dzedzeme le la dzi o. 25 Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣe sia ɣi, eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o, ke boŋ wòwɔa edzi la, woayrae le nu si wòwɔna la me.