Pular para o conteúdo
Publicidade

Yakobo 2:14-26

14 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, viɖe ka wòanye ne ame aɖe gblɔ be xɔse le ye si, evɔ la, dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o? Ɖe xɔse sia tɔgbi ate ŋu aɖeea? 15 Mítsɔe be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li, esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o. 16 Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, "Heyi le ŋutifafa me, naƒu dzo, eye nàɖi ƒo nyuie," evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wònye? 17 Nenema kee nye xɔse ŋutɔ hã. Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.

18 Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, "Wò la, xɔse le asiwò, ke nye la, dɔwɔwɔwo le asinye." Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam, eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me. 19 Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li. Enyo, gake gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se nenema, eye wodzona nyanyanya kple vɔvɔ̃.

20 Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse dɔwɔwɔ manɔmee nye xɔse kukua? 21 Ɖe womebu mía tɔgbui Abraham be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòtsɔ via Isak be yeasa vɔe na Mawu oa? 22 Edze ƒãa be xɔse wɔ dɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, ale be eƒe xɔse de blibo to nu si wòwɔ la me. 23 Esia wɔ ɖe mawunya si gblɔ be, "Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ" la dzi, eye woyɔe be Mawu xɔlɔ̃. 24 Edze ƒãa be menye ame ƒe xɔse ɖeɖe koe wotsɔna tsoa afia nɛ o, ke boŋ dɔ siwo wòwɔ hã kpena ɖe eŋu.

25 Nenema ke, ɖe womebu Rahab gbolo la gɔ̃ hã be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòɣla ŋkutsala siwo dze egbɔ, eye wòna woto mɔ bubu dzo oa? 26 Ale si ŋutilã gbɔgbɔmanɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔmee hã nye nu kuku.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.