Pular para o conteúdo
Publicidade

Tito 1:5-9

Tito ƒe dɔdeasi le Kreta

5 Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye be nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo, eye nàɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wò ene. 6 Ele na hamemegã be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe asi, eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o. 7 Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ. Manye dadala alo ame si doa dɔmedzoe kabakaba o, manye ahatsunola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o. 8 Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame si lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe, eye wòwɔa nu ɖe ɖoɖo nu. 9 Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Tito
Ver todos os capítulos de Tito