Publicidade

Tito 2

Nu siwo wòle be woafia hatsotso vovovoawo

1 Ele na be nàfia nu si nye nufiafia si de blibo. 2 Fia ame tsitsiwo be woafa tu, woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃ kple tenɔnɔ me. 3 Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo o. 4 Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui, eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwoe. 5 Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.

6 Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo. 7 Tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me, to nu si nyo la wɔwɔ me. Ɖe nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le nufiafia me. 8 Kpe ɖe esiawo ŋu la, nuƒoƒo neto ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o, ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la, elabena nya ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.

9 Fia kluviwo be woaɖo to woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me, woadze agbagba awɔ nu adze wo ŋu, eye womegaɖo nya ŋu na woƒe aƒetɔwo o. 10 Fia wo be womegafi woƒe aƒetɔwo o, ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣe sia ɣi ale be le ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Ɖela ŋu wòadze ame ŋu.

11 Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la do na amewo katã. 12 Efia be míagblɔ "Ao" na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo, eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me le fifixexea me, 13 esi míele lalam na yayraŋkeke si míele kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe Mawu kple Ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le. 14 Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe tso ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ , eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.

15 Eya ta fia nu siawo. De dzi ƒo na ameawo, eye nàka mo na wo kple ŋusẽ katã. Mègana ame aɖeke nado vlo o.

Veja também

Publicidade
Tito
Ver todos os capítulos de Tito
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-