A palavra
A Palavra de Deus é viva, eficaz e mais cortante que espada de dois gumes. Ela é lâmpada, alimento e purificação — tudo o que o cristão precisa para viver e crescer em fé.
Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.
Meɣla wò nya ɖe nye dzi me,
be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o.
Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo,
eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si.
Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu.
Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.
Gbɔgbɔ la naa agbe; wɔna aɖeke mele ŋutilã ya ŋu o. Nya siwo megblɔ na mi la nye Gbɔgbɔ kple agbe.
Miawo la, mia ŋu kɔ xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ "
"Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.
Wɔ dɔ sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, "Dɔ nyui wɔla, wòe le dɔ nyui wɔwɔ dzi." Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nànya nu si eƒe nyateƒenya la gblɔ kple nu si wòfia.
Eye abe vidzĩwo ene la, midi gbɔgbɔmenotsi tsimatɔ vevie, ale be to esia me la, miatsi le miaƒe ɖeɖe la me