Pular para o conteúdo
Publicidade

Agradecimento pela família

Por Bíblia Online

Agradecer pela família é reconhecer a bênção mais preciosa que Deus nos concede. Os filhos são herança do Senhor — cada membro da família é presente divino a ser celebrado.

Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ,

eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.

Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la,

le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.

Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu.

Ŋu makpe wo o,

ne woawo kple futɔwo avu le agbo la me.

O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa;

nu siwo katã le menye la,

mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.

O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa,

eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã

wòwɔ na la be o.

Míawo míaɣlae ɖe mía viwo o,

ke boŋ míagblɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔ

siwo dze na kafukafu,

eƒe ŋusẽ kple nukudɔ

siwo wòwɔ la na megbeviwo.

Ame si ku amegã la ƒe fiakukue nye viawo ƒe viwo

eye dzilawo nye atsyɔ̃ na wo viwo.

Meɖe kuku be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam.

Akpedada kple gbedodoɖa

Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu.

Aleke míawɔ ada akpe na Mawu wòade eteƒe ɖe mia ta, ɖe dzidzɔ si míekpɔ le míaƒe Mawu la ŋkume le mia ta?

O mi dukɔwo ƒe ƒomewo,

mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa.

Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.

Ena yayra geɖe tso eƒe amenuveve gbɔ la me.

Nyɔnuwo gblɔ na Naomi be, "Woakafu Yehowa, ame si megblẽ ɖi le egbeŋkekea dzi, ale be ƒometɔ manɔ asiwò o; ɖevia naxɔ ŋkɔ le Israel blibo la me, nena agbenɔnɔ nazu yeye, eye wòakpɔ dziwò le nyagãkuku me, elabena ̃xoyɔviwò, ame si ̃ , ame si gbɔ na wu ŋutsuvi adre lae dzii na ."

Ame gbagbewo koe akafu

abe ale si mele wɔwɔm egbe ene,

eye fofowo agblɔ nuteƒewɔwɔ na wo viwo.

Seja o primeiro