Agradecimento
O agradecimento é a linguagem natural do cristão. Em tudo dai graças! A gratidão a Deus transforma a perspectiva, fortalece a fé e produz alegria em todos os tempos.
Dar graças sempre
Em tudo dai graças, porque esta é a vontade de Deus em Cristo Jesus para convosco. A gratidão é atitude fundamental.
Mida akpe le nuwo katã me, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me.
Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.
Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi. Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu. Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.
Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi.
Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu. Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.
Mido vevi gbedodoɖa, minɔ ŋudzɔ, eye mida akpe na Mawu.
Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu.
Louvor e gratidão
Entrai pelas portas com ação de graças. Rendei graças ao Senhor porque Ele é bom e a sua bondade dura para sempre.
Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada,
eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu;
mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ.
Mida akpe na Yehowa, elabena enyo.
Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Mida akpe na Yehowa,
elabena enyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Mina míado ɖe eŋkume kple akpedada,
eye míadoe ɖe dzi to saŋku kple hadzidzi me.
Elabena Yehowae nye Mawu gã la,
eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta.
Enyo be woakafu Yehowa,
eye woadzi ha na wò ŋkɔ, o Dziƒoʋĩtɔ,
ne woaɖe gbeƒã wò lɔlɔ̃ le ŋdi me
kple wò nuteƒewɔwɔ le fiẽ me,
Ame si na akpedavɔsa la,
de bubu ŋunye, eye wòta mɔ be
mafia Mawu ƒe ɖeɖee."
Wòe nye nye Mawu, eya ta mada akpe na wò;
wòe nye nye Mawu, eya ta mado wò ɖe dzi.
Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo,
eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbetegbe.
Oo, mía Mawu, míeda akpe na wò
eye míekafu wò ŋkɔ kɔkɔe la.
Expressões de gratidão
Graças a Deus pelo seu dom inefável! A gratidão se expressa em oração, louvor e generosidade para com os outros.
Akpedada woatsɔ ana Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ta.
Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.
Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi!
Meda akpe na nye Mawu ɖaa ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wòna mi le Kristo Yesu me la ta.
Gbã la, medaa akpe na nye Mawu to Yesu Kristo dzi le mi katã ta, elabena amewo le ɖase ɖim le xexea me godoo tso miaƒe xɔse ŋu.
Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro, eye woƒe dzi manyanu la me do viviti.
Elabena Mawu gbɔ ko nu sia nu tsona.
Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta,
eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe.
Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee! Amen.
" ‘ "Yehowa ayra wò,
eye wòakpɔ dziwò!
Yehowa akɔ ŋkume ɖe wò,
eye wòave nuwò!
Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò,
eye wòana ŋutifafa wò." ’
Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na wò,
eye maxe nye adzɔgbeɖefe na wò,
elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona."
Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta.
Timoteo, medaa akpe na Mawu, ame si mesubɔna abe ale si fofonyewo wɔ ene. Meɖea kuku na Mawu zi geɖe le zã kple keli be wòakɔ yayra geɖewo ɖe dziwò, eye nye dzitsinyae nye be madze eŋu le agbe sia me.
nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o, eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me.
Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me,
Ke le afi sia afi míele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzi me ke ɖe esia ta.
Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, "Miyi ɖe nunɔlawo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti kɔ!" Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu.
Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, "Woakafu Mawu, elabena nye lãme sẽ." Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba, eye wòda akpe nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o.
Yesu biae be, "Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asiekɛ mamlɛawo ya ɖe? Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?"
Yesu gblɔ na ŋutsua be, "Tso nàdzo, wò xɔse da gbe le ŋuwò."
Woge ɖe kɔƒe aɖe me, eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe adzɔge nɔ ɣli dom be, "Aƒetɔ Yesu, kpɔ nublanui na mí!"
Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, "Miyi ɖe nunɔlawo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti kɔ!" Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu.
Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, "Woakafu Mawu, elabena nye lãme sẽ." Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba, eye wòda akpe nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o.
Yesu biae be, "Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asiekɛ mamlɛawo ya ɖe? Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?"
Yesu gblɔ na ŋutsua be, "Tso nàdzo, wò xɔse da gbe le ŋuwò."
Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu.