Publicidade

Jonas 2

1 Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la le tɔmelã la ƒe me be,

2 "Le nye xaxa me, medo ɣli na Yehowa,

eye wòɖo tom.

Meyɔe le aʋlime ke,

eye Yehowa se nye kokoƒoƒo!

3 Ekɔm ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke;

meyi to, ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye,

eye ƒutsotsoe sesẽwo si to dzinye.

4 Ale megblɔ be, O Yehowa,

ènyam ɖa le ŋkume.

Ke la, magatrɔ mo ɖe

gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ.

5 Tsi la tsyɔ dzinye, goglo la ƒo xlãm,

eye ƒumegbewo bliba ta nam.

6 Meyi to ɖe to kɔkɔ siwo

le ƒua me la ƒe agu nu ke.

Wotu agbe ƒe ɖe nunye

eye wode gam ɖe ku ƒe anyigba dzi.

Gake Yehowa, nye Mawu,

èɖem tso ku ƒe asi me!

7 "Esi nye agbe nu le tsotsom la,

meda nye susuwo ɖe dziwò,

Yehowa, eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò

le gbedoxɔ kɔkɔe la me.

8 "Ame siwo subɔa alakpamawuwo la

bua Yehowa ƒe amenuveve si anye wo !

9 Ke nye la, matsɔ akpedaha asa vɔe na ,

eye maxe nye adzɔgbeɖefe na ,

elabena Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona."

10 Ale Yehowa ɖe gbe na ƒumelã la, eye wòyi ɖatu Yona ɖe anyigba ƒuƒui dzi.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-