Publicidade

Ajuda ao próximo

Por Bíblia Online

Ajudar o próximo é mandamento de Deus e expressão prática da fé. A Bíblia ensina que a fé sem obras é morta — e que servir ao menor dos irmãos é servir a Cristo.

elabena esi wum la, miena nuɖuɖum, tsikɔ wum, eye miena tsim, medze mi abe amedzro ene, eye miexɔm atuu ɖe miaƒe aƒewo me. Awu menɔ ŋunye o, gake mietsɔ awu nam medo. Medze , eye mieva kpɔm ɖa. Menɔ gaxɔ me, eye mieɖi tsa va gbɔnye.

"Ame dzɔdzɔewo abia be, Aƒetɔ, ɣe ka ɣi míekpɔ wuwòm, eye míena nuɖuɖu ? Alo tsikɔ wuwòm, eye míena tsi nèno kpɔ? Ɣe ka ɣi nèva dze abe amedzro ene, eye gbe ka gbee míetsɔ awu na nèdo kpɔ? Ɣe ka ɣi wode gaxɔ me alo nedze , eye míeva kpɔ ɖa?

"Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!

Na nu ame si le nu biam la, eye mègatrɔ megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la o.

Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo."

Mina nu, eye woana nu miawo . Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo ."

Ameha la ɖo eŋu be, "Nu ka nèdi tso mía si be míawɔ?"

Yohanes ɖo eŋu na wo be, "Ne awu eve le ame aɖe si la, nena ame si ɖeke mele esi o, eye ame si si nuɖuɖu le la newɔ nenema ke."

Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke mate ŋu aɖu wo o. Afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi anɔ.

Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye melɔ̃ mie ene.

Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔvia lae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe exɔlɔ̃wo ta.

Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ame dahewo ŋuti la mi, elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, Nunana hea yayra wu nuxɔxɔ.’ "

Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo. Le esia megbe la, wokpla asi hedo hedenyuie kple avi, vevietɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋu la me ke.

Ne ame kɔkɔewo ge ɖe hiã me la, miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne dzeƒe hiã wo la, mina wo.

Ehiã be ame siwo ŋu ŋusẽ le la, míabu ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.

Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu.

Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ , netsɔ eƒe asiwo nyui, si aɖe vi be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo.

Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.

Nɔvinye lɔlɔ̃awo, viɖe ka wòanye ne ame aɖe gblɔ be xɔse le ye si, evɔ la, dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o? Ɖe xɔse sia tɔgbi ate ŋu aɖeea? Mítsɔe be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li, esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o. Ne mia dometɔ aɖe agblɔ be, "Heyi le ŋutifafa me, naƒu dzo, eye nàɖi ƒo nyuie," evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wònye? Nenema kee nye xɔse ŋutɔ . Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.

Ne xexemenuwo le ame aɖe si fũu, eye wòkpɔ nɔvia aɖe si nye hiãtɔ, eye mekpɔ nublanui o la, aleke woate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eme?

Ame si nyo me na hiãtɔ la,

do nugbana na Yehowa, aɖo nu si wòwɔ la teƒe .

Ame dahe aɖewo anɔ mia dome ɣe sia ɣi kokoko. Esia ta se sia le vevie ɖo. Ele be mianyo me, ado nu na wo."

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-