Amor ao próximo
O amor ao próximo não é opcional — é mandamento. Amarás o teu próximo como a ti mesmo. A lei inteira se cumpre nesta palavra. O amor ao próximo é prova do amor a Deus.
Lɔlɔ̃ na ame ƒe futɔwo
"Miese wogblɔ be, ‘Lɔ̃ hawòvi, eye nàlé fu wò ketɔ.’ Ke nye la, mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta,
Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mie ene.
Amehavilɔlɔ̃
Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o, negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si la.
Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi.
Nu sia nu si miawɔ la, miwɔe kple amenuveve kple lɔlɔ̃.
eye Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũu agbã go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene.
Taƒonyawo kple ŋusẽdoamenyawo
Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me. Miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔ me la dzi abe miawo hãe le gaxɔ me kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene.
Ne mielé sedede si le mawunya me, esi gblɔ be, "Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene" ɖe asi la, miele nu dzɔdzɔetɔ wɔm.
Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi.
Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo. Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi, eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke.
Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me. Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi.
Esiae nye gbedeasi si miese tso gɔmedzedzea, be ele be míalɔ̃ mía nɔewo.
Ame si ke léa fu nɔvia la nye amewula, eye ele nyanya me na mi be agbe mavɔ meli na amewula aɖeke o.
Ale si Yesu Kristo va ku ɖe mía ta la ɖe nu si lɔlɔ̃ nye la fia mí. Eya ta ele be míawo hã míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na mía nɔviwo.
Ale si Yesu Kristo va ku ɖe mía ta la ɖe nu si lɔlɔ̃ nye la fia mí. Eya ta ele be míawo hã míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na mía nɔviwo.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la, wodzii tso Mawu me, eye wònya Mawu. Ame si melɔ̃a ame o la, menya Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃.