Publicidade

Ânimo

Por Bíblia Online

O ânimo vem de Deus. Ele nos fortalece, nos encoraja e renova nossas forças. Quando o desânimo chega, as promessas de Deus nos levantam e nos impulsionam a seguir em frente.

Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe.

Ame ka mavɔ̃?

Yehowae nye sesẽ na nye agbe,

ame ka adzi ŋɔ nam?

Ame dzɔdzɔewo ƒe xɔxɔ atso Yehowa gbɔ,

eye eyae nye woƒe sesẽ le xaxaɣeyiɣiwo me.

Ètɔ nam esi meyɔ , eye nède dzi ƒo nam,

hedo ŋusẽ nye dzi.

Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.

Eye meka ɖe edzi be Mawu, ame si dze nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la ayi edzi, akpe ɖe mia ŋu be miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu enu le ŋkeke si Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi.

elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.

Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe nake na mi.

Ameawo ɖo eŋu be, "Míagblẽ Yehowa ɖi gbeɖe asubɔ mawu bubuwo o, elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe mía fofowo tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. Eyae nye Mawu si nukunu gãwo le Israelviwo ŋkume esi míezɔ to gbedzi, eye wòɖe tso míaƒe futɔwo ƒe asi me esi míeto woƒe anyigbawo dzi.

Togbɔ be fifia la, ele na mi be miaxa nu le dodokpɔ ƒomevi geɖewo me hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo la, miele dzidzɔ manyagblɔ kpɔm le mɔkpɔkpɔ sia ta.

Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖewo ado ŋusẽ mi, ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse.

Esia ta ɖeɖi metea mía ŋu o, eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ, eye wòle mía me la le tsitsim ɖe edzi gbe sia gbe.

Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene.

Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe dziwo kpɔ akɔfafa, le míaƒe hiãwo kple fukpekpewo me le miaƒe xɔse ta.

Seja o primeiro
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-