Publicidade

Anjos

Por Bíblia Online

Os anjos são seres celestiais criados por Deus para servir, adorar e executar seus propósitos. A Bíblia revela anjos mensageiros, guerreiros e protetores ao longo de toda a história redentora.

Ke esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ be, "Yosef, David ƒe vi, mègavɔ̃ srɔ̃Maria kpɔkplɔ be wòava gbɔwò o, elabena fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso.

Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, "Migavɔ̃ o, elabena menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele, gake mele afi sia o, elabena etsi tsitre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wokɔe mlɔ la ɖa.

Alo mènya be mate ŋu abia Fofonye, eye wòana mawudɔla akpeakpewo be woadzɔ mía ŋu oa?

Mawudɔla la yi edzi gblɔ be, "Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra nukutɔe! Èle fu ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu.

gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, "Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa!

"Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi,

eye ŋutifafa ava anyigba dzi;

anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu."

Nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔe nenye be nu ̃ wɔla ɖeka trɔ dzi me."

Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa. Ame eve siawo gblɔ na wo bena, "Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene."

Taƒonyawo kple ŋusẽdoamenyawo

Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo mawudɔlawo le manyamanya me.

Lɔlɔ̃ ƒo nuwo katã ta le xexea me

Ne metsɔ amewo kple mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔ ƒo nui, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, ɖeko mele abe gakogoe alo ayawagba ƒe ɖiɖi ene.

Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o,

gake ele bɔbɔe le Kristo ta,

ame si va anyigba dzi abe ame ene.

Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o,

eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me.

Mawudɔlawo kpɔe,

eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome.

Amewo edzi se le afi sia afi si wòyi,

eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.

Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe aɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi, eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã. Le esia megbe la, woakɔ ame siwo gale agbe le ɣe ma ɣi la ayi dzi kpli wo le lilikpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe,

Ame si ɖu dzi la anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me gbeɖe o, ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le Fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume.

Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, womate ŋu ama ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la gbɔ o.

Seja o primeiro
Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-