Ascensão
A ascensão de Jesus ao céu é a coroação de sua obra redentora. Ele subiu à destra do Pai, de onde voltará com poder e glória para buscar os seus.
Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me.
Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa. Ame eve siawo gblɔ na wo bena, "Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene."
Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.
Yesu ƒe dziƒoyiyi
Yesu kplɔ nusrɔ̃lawo do go va se ɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo. Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe.
Fofonye ƒe aƒe me la, xɔ geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si xɔ dzinye se la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm la, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe Fofo la gbɔ.
Fofo la gbɔe metso va xexea me, eye megatrɔ yina ɖe Fofo la gbɔ."
Yesu gblɔ nɛ be, "Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ."
Yesu gblɔ be, "Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ.
Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o,
gake ele bɔbɔe le Kristo ta,
ame si va anyigba dzi abe ame ene.
Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o,
eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me.
Mawudɔlawo kpɔe,
eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome.
Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi,
eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.