Chamada
A chamada de Deus é irrevogável. Ele nos chamou das trevas para a sua maravilhosa luz — para sermos santos, discípulos e instrumentos de sua graça no mundo.
Chamados por Deus
Fostes chamados para a liberdade. A chamada de Deus é dom irrevogável que nos convida à santidade e ao serviço.
ke boŋ abe ale si ame si yɔ mi la le kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me, elabena woŋlɔ ɖi be, "Minɔ kɔkɔe elabena nye la mele kɔkɔe."
Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.
Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe alo dzu ɖo dzu teƒe o, ke boŋ miɖo teƒe na wo kple yayra, elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo be mianyi yayra ƒe dome.
Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi.
Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi, eya ta awɔe ade goe.
Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si woyɔ mi na mɔkpɔkpɔ ɖeka ene.
Mele dzesiɖoƒe la minyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo la be manyi agbe mavɔ ƒe dome.
A resposta à chamada
Deus é fiel, pelo qual fostes chamados. Ele nos escolheu, nos capacitou e nos enviou com propósito eterno.
Mawu ame si yɔ mi be miabɔ ha kple via Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, nuteƒewɔlae wònye.
Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee, ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o.
Ke míenya be le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu.
Mawu gblɔ nyanyui la na mi to mía dzi, eye to mía dzi wòyɔ mi be miakpɔ gome le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la me.
Petro ɖo eŋu na wo be, "Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi, eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku, kutsetse siwo anɔ anyi ɖaa. Eye Fofo la ana nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la mi.
"Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o,
eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye.
Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ nɛ be,
‘Nyee nye esi, nyee nye esi.’