Pular para o conteúdo
Publicidade

Corpo é o templo de Deus

Por Bíblia Online

O corpo do cristão é templo de Deus. Ele habita em nós pelo Espírito Santo, fazendo do crente morada viva e sagrada do Altíssimo.

Templo do Deus vivo

Vós sois o templo do Deus vivo. Deus disse: habitarei neles e entre eles andarei. O criador mora em sua criação redimida.

Ɖe mienyae be Mawu ƒe xɔe mienye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me oa? Ne ame aɖe ke atse do ŋunyɔ, eye wògblẽ Mawu ƒe aƒe sia la, Mawu atsrɔ̃ ame ma enumake, elabena Mawu ƒe aƒe la nye teƒe kɔkɔe si me ɖiƒoƒo aɖeke mele o eye miawo tututu nye aƒe sia.

Nu ka ta va se ɖe fifia la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia o, elabena Mawu ƒle mi ho aɖee. Eya ta miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋu hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye.

Nenema ke mele be ɖekawɔwɔ aɖeke nanɔ gbedoxɔ kple trɔ̃dome o. Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ, afi si wònɔna. Mawu ŋutɔ gblɔ be,

"Manɔ ame siwo nye tɔnyewo la dome,

mazɔ le wo dome.

Manye woƒe Mawu,

eye woawo woanye nye dukɔ."

Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo, siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe la. Le eya amea me la, wote la katã ƒo ƒu be wòakɔ azu gbedoxɔ kɔkɔe na Aƒetɔ la. Le eya amea me la, wowɔ miawo ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.

Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame aɖee tsoe, gake Mawue nye nu sia nu wɔla. Mose nye dɔla nuteƒewɔla le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me, nu sia ɖi ɖase le nu si Mawu ava gblɔ emegbe la ŋuti. Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi, eye miawoe nye Mawu ƒe aƒe la, ne mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.

Mose nye dɔla nuteƒewɔla le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒe me, nu sia ɖi ɖase le nu si Mawu ava gblɔ emegbe la ŋuti. Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi, eye miawoe nye Mawu ƒe aƒe la, ne mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.

Cristo em nós

Já não sou eu quem vive, mas Cristo vive em mim. A presença de Deus no crente é privilégio e responsabilidade sagrada.

Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye.

Yesu ɖo eŋu be, "Ame si ̃m la awɔ ɖe nye nufiafia dzi. Fofonye alɔ̃e, eye nye kple Fofonye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.

Yɔyɔ hena vevidodo nu

Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esime kakaɖedzi le mía si be miage ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la to Yesu ƒe ʋu me ŋuti la, eʋu yeye kple gbagbe na to xɔmetsovɔ si nye eƒe ŋutilã la me. Eye esi nunɔlagã le mía si le Mawu ƒe aƒe nu ta la, mina míate ɖe Mawu ŋu le dzi vavã me kple xɔse ƒe kakaɖedzi blibo la me kple dzi siwo ŋu wohlẽ ʋu ɖo be wòaklɔ mía ŋuti tso dzitsinya ̃ɖiwo me, eye wòale tsi na míaƒe ŋutilãwo kple tsi zɔzrɔ̃e.

Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ , be miaɖe gbeƒã ame si mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu.

Seja o primeiro