Dia dos pais
O Dia dos Pais celebra o amor e o sacrifício paterno. A Bíblia honra os pais como provedores, protetores e guias espirituais que moldam as próximas gerações.
O pai que educa
Instrui a criança no caminho em que deve andar. O pai justo educa com amor, firmeza e o exemplo de uma vida íntegra.
He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la,
mate ɖa le edzi o.
Ame si vea nu le ameƒoti gbɔ la léa fu via,
ke ame si lɔ̃a via la kpɔa egbɔ be yehee nyuie.
Ame dzɔdzɔe nɔa agbe si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o;
yayra anɔ viawo dzi emegbe gɔ̃ hã.
Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe
eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu.
Ame si vɔ̃a Yehowa la,
mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo.
Honra e alegria
Honra a teu pai e tua mãe. Os filhos são herança do Senhor, e a família que serve a Deus junta é inabalável.
Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.
Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ,
eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.
Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la,
le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.
Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu.
Ŋu makpe wo o,
ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.
Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!"
Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me. Minɔ agbe abe kalẽtɔwo ene, eye misẽ ŋu.
"Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna." Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.
"Ɖevia gblɔ na fofoa be, ‘Fofo, meɖe kuku mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo kple ŋuwò, eye nyemegadze be manye viwò o.’
"Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ. Miwu nyivi dami si le nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ.