Pular para o conteúdo
Publicidade

Esperar no Senhor

Por Bíblia Online

Esperar no Senhor é ato de fé e confiança. A Bíblia promete que os que esperam em Deus renovam as forças, recebem direção e experimentam a fidelidade divina no tempo certo.

Renovar as forças

Os que esperam no Senhor renovam as forças. Sobem como águias, correm e não se cansam, caminham e não se fatigam.

gake ame siwo kpɔa na Yehowa la

ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.

Woadzo ayi dzi abe ̃wo ene.

Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.

Woazɔ azɔli, gake nu mati na wo o.

Ke la, Yehowa le lalam vevie be yeave mia nu;

etso be yeakpɔ nublanui na mi,

elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.

Woayra ame siwo katã kpɔa eƒe asinu.

Kpɔ na Yehowa;

sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo.

Kpɔ na Yehowa.

Esia nye nu si dzi meka ɖo la be:

Makpɔ Yehowa ƒe nu nyuiwo

le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.

Kpɔ na Yehowa;

sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo.

Kpɔ na Yehowa.

Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe.

Ame ka mavɔ̃?

Yehowae nye sesẽ na nye agbe,

ame ka adzi ŋɔ nam?

Ne ame ̃ɖiwo ɖe dzinye be woavuvum,

ne nye futɔwo kple nye ketɔwo ɖe dzinye la,

woakli nu adze anyi.

Togbɔ be aʋakɔ aɖe ɖe to ɖem la,

nye dzi mavɔ̃ o,

togbɔ be wodze aʋa ɖe ŋunye la,

azɔ koŋ dzi aɖo ƒonye.

Nu ɖeka mebia Yehowa,

esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me

le nye agbemeŋkekewo katã me,

ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu,

eye madii le eƒe gbedoxɔ me.

Elabena le xaxaɣiwo la,

atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me;

aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe,

eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi.

Ekema nye ta akɔ dzi agbɔ nye futɔ

siwo ƒo xlãm godoo la ta;

matsɔ dzidzɔɣli asa le eƒe agbadɔ kɔkɔe la me.

Madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.

O! Yehowa, se nye gbe, ne meyɔ ;

kpɔ nublanui nam, eye nàtɔ nam.

Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be,

"Di eƒe ŋkume!"

Yehowa, ŋkumee madi.

Mègaɣla ŋkume ɖem o,

mègatrɔ dɔla ɖo ɖa le dɔmedzoe me o,

elabena wòe nye nye xɔnametɔ.

O! Mawu, nye Ɖela,

mègagbe nu le gbɔnye alo agblem ɖi o.

Togbɔ be tɔnye kple nɔnye gblem ɖi la,

Yehowa axɔm.

O! Yehowa, fia mɔwom;

kplɔm to dzɔdzɔe dzi,

le ame siwo tem ɖe to la ta.

Mègatsɔm de asi na nye futɔwo ƒe didi o,

elabena alakpaɖasefowo tso ɖe ŋutinye kpe ɖe

ame siwo ŋutasesẽ ƒe gbɔgbɔtsixɛ ɖe ƒo la ŋuti.

Esia nye nu si dzi meka ɖo la be:

Makpɔ Yehowa ƒe nu nyuiwo

le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.

Kpɔ na Yehowa;

sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo.

Kpɔ na Yehowa.

Espera paciente

Esperei com paciência no Senhor e Ele se inclinou para mim. Confie nele e descanse — Ele agirá no tempo certo.

Mele kpɔm na Yehowa le dzigbɔɖi blibo me;

etrɔ ɖe ŋutinye, eye wòse nye ɣlidodo.

Ehem do goe tso ʋe dziŋɔ me,

eye wòɖem tso ba finyafinya me,

hetsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi,

eye wòna meli ke ɖe afi si metɔ ɖo.

Etsɔ ha yeye de nunye si nye kafukafuha na míaƒe Mawu la.

Ame geɖewo akpɔe,

woavɔ̃e, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.

Woayra ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu,

ame si mekpɔa dadalawo ƒe asinu,

alo kplɔa ame siwo dze alakpalegbawo yome o.

O! Yehowa, nye Mawu,

nukunu siwo nèwɔ la gbɔ loo!

Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la,

ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia o.

Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu,

eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o,

elabena wosɔ gbɔ akpa.

Mèdi vɔsa kple nunana,

alo bia numevɔsa kple akpedavɔsa o,

ke boŋ èʋu nye towo be mase gbe,

eya ta meɖo ŋu be,

"Nyee nye si meva;

agbalẽ mee woŋlɔe ɖo tso ŋutinye.

Medi be mawɔ lɔlɔ̃nu,

O! Nye Mawu, woŋlɔ se la ɖe nye dzi me."

O! Yehowa, meɖe gbeƒã dzɔdzɔenyenye le ameha la dome,

eye abe ale si nènya ene la, nyememia nye nu o.

Nyemeɣla dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o,

ke boŋ meƒo nu le nuteƒewɔwɔ kple ɖeɖe ŋuti.

Nyemeɣla lɔlɔ̃

kple nyateƒe la ɖe ameha la o.

O! Yehowa, mègate wo nublanuikpɔkpɔ o,

ke boŋ na be lɔlɔ̃ kple nyateƒe nakpɔ tanye ɖaa,

elabena fukpekpe siwo mele xexlẽ o la ɖe to ɖem,

nye nu ̃wo wu tsɔtsɔ nam

eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o.

Wosɔ gbɔ wu nye taɖa,

eye dzi ɖe le ƒonye.

O! Yehowa, nedze ŋuwò be nàɖem;

O! Yehowa, va kaba nàɖem.

Ŋu nekpe ame siwo katã le nye agbe dim ne woaɖe ɖa la;

woƒe mo netsi dãa,

eye ame siwo katã le nye gbegblẽ dim la

negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.

Míele lalam le kpɔm na Yehowa,

eyae nye míaƒe xɔname kple akpoxɔnu.

Míaƒe dziwo le dzidzɔ kpɔm le eya amea me,

elabena mieka ɖe eƒe ŋkɔ kɔkɔe la dzi.

O! Yehowa, na lɔlɔ̃ si meʋãna o la,

nanɔ mía dzi abe ale si míetsɔ míaƒe

mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò ene.

Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm,

nye luʋɔ le lalam,

eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi.

Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu

ale si zãɖialawo kpɔa na ŋu ƒe keke;

mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa na ŋu ƒe keke.

O! Nye luʋɔ, gbɔ ɖe eme le Mawu ɖeka ko me,

elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso.

Lala nàkpɔ Yehowa ƒe asinu,

eye nàlé eƒe ɖe asi.

Ado ɖe dzi be nànyi anyigba la ƒe dome.

Ne woatsrɔ̃ ame ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.

Confiança e perseverança

Confie no Senhor de todo o coração. Sede pacientes na tribulação — o Senhor é fiel e cumprirá todas as suas promessas.

Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo,

mègaku ɖe ŋutɔ nugɔmesese ŋu o;

ɖo ŋu ɖe eŋu le mɔwo katã dzi

ekema awɔ toƒewo dzɔdzɔe.

Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me , elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, eye kelili dzia mɔkpɔkpɔ.

Míele gbe dom ɖa be Mawu ƒe ŋusẽ nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi.

Dzidodo le fukpekpe me

Eya ta nɔvinyewo, migbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava. Mienya ale si agbledela lalana na eƒe agblemenukuwo be woatse ku, eye wògbɔa dzi ɖi na adametsi kple kelemetsi. Alea ke wòle be miawo miagbɔ dzi ɖi, eye mianɔ tsitre sesĩe elabena Aƒetɔ la ƒe vava ɖo .

Abe ale si wòle nyanya me na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la le nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla aɖe.

Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke. Elabena wogbugbɔ mi gadzi, menye tso ku gbegblẽ me o, ke boŋ tso ku magblẽmagblẽ me, to Mawu ƒe nya si le agbe, eye wònɔa anyi tegbetegbe la me. Elabena,

"Amegbetɔwo katã le abe gbe ene,

eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene,

gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, gena,

ke Aƒetɔ la ƒe nya la nɔa anyi yi ɖe mavɔ me."

Ke esiae nye nya si wogblɔ na mi la.

Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.

Lododo le ɖetugbi ewoawo ŋuti

Míatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya asɔ kple dziƒofiaɖuƒe la. Ɖetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe. Wo dometɔ atɔ̃ nye abunɛtɔwo, eye ame atɔ̃ nye nunyalawo. Abunɛtɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o. Ke nunyalawo ya tsɔ ami ɖe woƒe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi megbe, ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me, eye womlɔ anyi alɔ̃.

"Ke le zãtitina la, ɣli ɖi be, Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!

"Ɖetugbiawo katã , eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo. Tete abunɛtɔawo gblɔ na nunyalawo be, Mina miaƒe ami la ƒe ɖe , elabena míaƒe akaɖiawo le tsitsim.

"Gake woɖo eŋu na abunɛtɔawo be, Mía mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o, eya ta miyi ne miadze ɖe na mia ɖokuiwo.

"Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo, eye ame siwo klalo la yi srɔ̃ɖeƒe la kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu la.

"Emegbe la, ɖetugbi abunɛtɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu ɣli dom be, Aƒetɔ, ʋu agbo la na !

"Aƒetɔ la ɖo eŋu na wo be, Vavã mele egblɔm na mi bena, nyemenya mi o!

"Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye miadzra ɖo, elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o.

Seja o primeiro