Simplicidade do Evangelho
A simplicidade do evangelho é sua força. Deus escolheu as coisas loucas do mundo para confundir os sábios. O poder está na mensagem da cruz, não na eloquência humana.
Ke Mawu tia xexemebometsinuwo be wòatsɔ ado ŋukpe nunyalawoe. Mawu tia xexemegbɔdzɔgbɔdzɔnuwo be woado ŋukpe nu sesẽwo. Mawu tia xexemenu maɖinuwo, nu siwo wodo ŋunyɔe kple nu siwo mele ɖeke me o, be wòatsɔ aɖi gbɔ nu si nye nanee, ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o.
Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o, ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la, nye nyagbɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.
Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o.
Gake nye la, ne wokɔm ɖa tso anyigba la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu."