Família de Deus
A família de Deus transcende laços de sangue. Em Cristo, somos adotados como filhos, irmãos uns dos outros e membros de uma família eterna — a Igreja.
Adotados por Deus
Recebemos o espírito de adoção pelo qual clamamos: Abba, Pai! Se filhos, também herdeiros — herdeiros de Deus e co-herdeiros com Cristo.
Elabena Gbɔgbɔ si miexɔ la mewɔ mi mienye kluviwo, be miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke boŋ Gbɔgbɔ si miexɔ la na vinyenye ƒe ŋusẽ mi, esime míedo ɣli be, "Abba, Fofo." Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu be Mawu viwo míenye. Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me.
Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene. Esi mienye viawo ta la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe miaƒe dziwo me, eya ta azɔ la, miate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be, "Abba, Fofo." Eya ta mèganye kluvi azɔ o, ke boŋ ènye Mawu ŋutɔ ƒe vi; azɔ esi nènye via ta la, Mawu wɔ wò eƒe domenyilae.
Elabena le Kristo Yesu me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo to xɔse me, elabena mi ame siwo wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo abe awu ene. Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me.
Le lɔlɔ̃ me la, ewɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖe mía ŋu be míanye ye viwo to Yesu Kristo dzi. Mawu wɔ esia, esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ ɖoɖo sia to eya ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃nu me!
Azɔ la, mitsɔ kafukafu na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã sia ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, ɖe esi míenye Via lɔlɔ̃a tɔ ta.
Paulo do gbe ɖa ɖe Efeso hame la ta
Susu sia ta medzea klo doa gbe ɖa na Fofo la, ame si gbɔ xɔsetɔwo ƒe ƒomeawo katã, esiwo le dziƒo kple anyigba dzi la kpɔa woƒe ŋkɔ tsona.
Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo, ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.
A comunidade de fé
Não abandonem a congregação. Somos um corpo em Cristo, membros uns dos outros, chamados a amar e a servir.
Migana míagbɔdzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe nɔa kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo, vevietɔ esi mienyae be eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe.
Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o? Ame sia ame toa hehe te, eya ta ne miawo mieto hehe te o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo. Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí, eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe! Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene, gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me.
nenema ke wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia ame hiã nɔvia.
Ne fukpekpe va ŋutinu ɖeka dzi la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii, ke ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, bubuawo katã tsoa aseye.
Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo, siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe gã la. Le eya amea me la, wote xɔ la katã ƒo ƒu be wòakɔ azu gbedoxɔ kɔkɔe na Aƒetɔ la. Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.
Quem é minha família?
Jesus disse: quem faz a vontade de Deus, esse é meu irmão e irmã. A família de Deus inclui todos os que creem.
Yesu biae be, "Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?"
Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo, eye wògblɔ be, "Ame siawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo! Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enye nɔvinye ŋutsu, nɔvinye nyɔnu alo danye."
Kluviwo la, gomekpɔkpɔ aɖeke meli na wo le ƒomea me o, gake gomekpɔkpɔ li na aƒea tɔ ƒe vi la tegbee.
Yesu gblɔ na wo be, "Ɖe Mawu nye mia Fofo la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawue dɔm.
Timoteo ƒe dɔdeasi ku ɖe ahosiwo, ametsitsiwo kple kluviwo ŋuti
Mègaƒo nu na ametsitsi aɖeke kple adã o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiwo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene. Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene, eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò ta me ɖe wo ŋu.
Agbenɔnɔ abe Mawu viwo ene
Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o. Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye le etsɔ megbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la, míanɔ abe eya amea ene, elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene.
Eya ta esi mɔnukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nyui na amewo katã, vevietɔ na nɔvi xɔsetɔwo.