Publicidade

Efésios 1

1 Nye Paulo, ame si Mawu tia be manye Yesu Kristo ƒe apostolo la gbɔe agbalẽ sia tso,

Na ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me le Efeso:

2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi.

Gbɔgbɔmeyayrawo le Kristo Yesu me

3 Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la ɖe mía dzi le Kristo me. 4 Etia le eya amea me hafi xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume. 5 Le lɔlɔ̃ me la, ewɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖe mía ŋu be míanye ye viwo to Yesu Kristo dzi. Mawu esia, esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ ɖoɖo sia to eya ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃nu me!

6 Azɔ la, mitsɔ kafukafu na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo sia ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, ɖe esi míenye Via lɔlɔ̃a ta. 7 Eƒe dɔmenyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe , 8 eye wòtsɔ eƒe amenuveve xɔasi la ɖe mía dzi, elabena ekɔ nunya kple gɔmesese ɖe mía dzi.

9 Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na . Ewɔ ɖoɖo sia ɖe nublanuikpɔkpɔ na ta. 10 Eƒe taɖodzinue nye be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, aƒo nuwo katã nu ƒu tso afi sia afi, eɖanye dziƒo alo anyigba dzi o, ɖe Kristo te, tso mavɔ me yi mavɔ me. 11 Gawu la, le nu si Kristo ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le la, elabena abe ɖoɖo si Mawu la ƒe akpa aɖe ene la, etia tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo, eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene. 12 Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui, atsɔ ŋutikɔkɔe ɖe siwo katã wòwɔ na la ta.

13 Eye ɖe si Kristo ta la, mi ame siwo se nyateƒe la ƒe nya la, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wòdo na kristotɔwo la de dzesi mi be mienye kristotɔwo. 14 Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia be Mawu ƒle xoxo, eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ ava eɖokui gbɔe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.

Akpedada kple gbedodoɖa

15 Esia ta tso ɣeyiɣi si mese xɔse si le mia si le Aƒetɔ Yesu me kple lɔlɔ̃ si le mia me na ame kɔkɔewo katã la, 16 nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o, eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me. 17 Mebiaa míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu si nye ŋutikɔkɔe Fofo la be wòana Gbɔgbɔ la ƒe nunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu. 18 Medoa gbe ɖa be miaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo naʋu, eye dzi nyanu nanɔ mia si be míade dzesi mɔkpɔkpɔ si wòyɔ na, eƒe kesinɔnu, ŋutikɔkɔe ƒe domenyinyi si wòna ame kɔkɔewo, 19 kple eƒe ŋusẽ triakɔ si wona ame siwo edzi se la. Ŋusẽ triakɔ sia le abe eƒe ŋusẽ la ƒe dɔwɔwɔ ene. 20 Ŋusẽ triakɔ siae Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. 21 Teƒe si wu dziɖulawo kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe , kpakple ŋkɔ si wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia me kple xexe si gbɔna la me. 22 Mawu tsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te, eye wòwɔe hame la ƒe tatɔ gãtɔe. 23 Hame sia nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. Eyɔ hame la fũu, eye eƒe nɔnɔme le nu sia nu me.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-28_14-13-17-