Filho de Deus
Jesus é o Filho de Deus — a revelação suprema do Pai. Nele habita toda a plenitude da divindade e por Ele temos acesso ao Pai, à salvação e à vida eterna.
A revelação do Filho
O Filho é o resplendor da glória de Deus. Quem vê o Filho vê o Pai. Jesus é a imagem perfeita do Deus invisível.
Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãa ene.
Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.
Yesu gblɔ na wo be, "Fofonye le eƒe dɔwɔwɔ dzi va se ɖe fifia, eya ta nye hã mele dɔ wɔm."
Esia ta Yudatɔwo gadze agbagba vevie be yewoawui, elabena kpe ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la ƒe sea dzi dada ŋu la, ele Mawu yɔm be ye Fofo hetsɔ eɖokui sɔ kple Mawu.
Confissão e fé
Tu és o Cristo, o Filho do Deus vivo! Quem confessa que Jesus é o Filho de Deus, Deus permanece nele.
Petro ʋu Yesu me
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kaisarea Filipi la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, "Ame ka amewo le gbɔgblɔm be Amegbetɔ Vi la nye mahã?"
Woɖo eŋu nɛ be, "Ame aɖewo gblɔ be, Yohanes Mawutsidetanamela nènye. Ɖewo be Eliyae nènye, bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye."
Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, "Ke miawo ya ɖe, ame ka miebu be menye?"
Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, "Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi."
Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ, eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu, eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, "Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena."
Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me, eye eya hã le Mawu me.
Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye: eɖo via ɖeka hɔ̃ɔ ɖe xexea me be míanɔ agbe to eya amea me. Esiae nye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene.
Ame si wɔa nu vɔ̃ la, enye Abosam ƒe ame, elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va ɖo lae nye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo.
Ame si si Vi la le la agbe le esi, eye ame si si Mawu Vi la mele o la, agbe mele esi o.
Vida no Filho
Deus enviou seu Filho ao mundo para que vivêssemos por Ele. O Filho dá vida, julga e reconcilia os pecadores com o Pai.
Elabena Mawu lɔ̃a xexea me ale gbegbe be wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na, be ame sia ame si axɔ edzi ase la, nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.
Abe ale si Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la hã ana agbe ame siwo wòdi be yeana la. Gawu la, Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via, be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si mede bubu Vi la ŋu o la, efia be mede bubu Fofo la, ame si dɔe la hã ŋu o.
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe. Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via hã me,
Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo, ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.
Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye.
Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene. Esi mienye viawo ta la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe miaƒe dziwo me, eya ta azɔ la, miate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be, "Abba, Fofo."
Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me.
elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí.
Dziɖuɖu le eƒe abɔta,
eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be,
"Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ,
Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia."