Generosidade
A generosidade é marca do caráter de Deus e vocação do cristão. Deus ama ao que dá com alegria. Quem semeia generosamente, generosamente colherá.
Dar com alegria
Deus ama ao que dá com alegria. Cada um contribua segundo propôs no coração — não com tristeza ou por necessidade.
Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o, elabena Mawu lɔ̃a ame siwo naa nu kple dzi faa la.
Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku sɔgbɔ la, axa nuku fũu le nuxaɣi. Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o, elabena Mawu lɔ̃a ame siwo naa nu kple dzi faa la. Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be ne miewɔ wo ŋuti dɔ ʋuu hã la, agatsi anyi zã be miana ame bubuwo atsɔ afia dɔ nyui wɔwɔ. Ele Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be:
"Ema eƒe nuwo na ame dahewo yi didiƒewo ke,
eya ta eƒe dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbetegbe."
Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã. Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.
Ale miakpɔe be lɔlɔ̃nunana si nam miele la na ame kɔkɔe siwo le nu hiãm la kpɔ nu siwo le wo hiãm, eye woatsɔ akpedada blibo na Mawu.
Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã.
Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.
Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.
Partilhar e abençoar
Quem dá aos pobres empresta ao Senhor. A generosidade abre portas de bênção sobre quem dá e sobre quem recebe.
Nu adze dzi na ame si na nu faa,
ame si na amewo ƒe dzi dze eme la,
woana eya ŋutɔ hã ƒe dzi nadze eme.
Ame ɖeka naa nu faa
gake egakpɔa geɖe ɖe edzi,
ame bubu vea nu le nu si wòle be wòana la ŋu
gake ahe ko wòdana.
Nu adze dzi na ame si na nu faa,
ame si na amewo ƒe dzi dze eme la,
woana eya ŋutɔ hã ƒe dzi nadze eme.
De bubu Yehowa ŋu kple wò kesinɔnuwo
kple wò agblemenukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,
ekema wò avawo ayɔ agbagba,
eye wain yeye ayɔ wò ahazewo agbagba.
Mègagbe nyuiwɔwɔ na ame siwo dze nɛ,
ne ele wò ŋusẽ me be nàwɔe o.
Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la,
ne eya hã do ɣli la,
ame aɖeke masee nɛ o.
Mitsɔ miaƒe nu ewoliawo katã va nudzraɖoƒe lae ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ɖe nye gbedoxɔ me. Mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu akɔ yayra ɖe mia dzi fũu ale gbegbe be miaƒe nuɖuɖudzraɖoƒe ayɔ agbagba o mahã? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Ame dahe aɖewo anɔ mia dome ɣe sia ɣi kokoko. Esia ta se sia le vevie ɖo. Ele be mianyo dɔ me, ado nu na wo."
O ensino de Jesus
Dai e dar-se-vos-á. A quem te pedir, dá. O que fizestes a um destes mais pequeninos, a mim o fizestes.
Mina nu, eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã."
Mina nu, eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã."
Ne nu le asiwò, eye ame aɖe bia wò la, nae eye mègabia be netrɔe vɛ na ye o.
"Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?"
Na nu ame si le nu biam wò la, eye mègatrɔ megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la o.
"Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o, ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la natu fe na mi.
"Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’
Generosidade de Deus
Se Deus dá sabedoria generosamente a quem pede, quanto mais nos dará Ele forças e suprimento em toda necessidade?
Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.
Mítsɔe be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li, esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o. Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, "Heyi le ŋutifafa me, naƒu dzo, eye nàɖi ƒo nyuie," evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wònye? Nenema kee nye xɔse ŋutɔ hã. Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.
Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te,
eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.
Nyui ava na ame si nyoa dɔ me, doa nugbana faa,
eye wòwɔa eƒe nuwo to mɔ dzɔdzɔe dzi.