Irmãos
A comunhão entre irmãos é marca da igreja verdadeira. A Bíblia nos chama a amar uns aos outros como Cristo nos amou — com perdão, encorajamento e cuidado mútuo.
Amor fraternal
Um novo mandamento vos dou: que vos ameis uns aos outros. Nisto conhecerão que sois meus discípulos — pelo amor entre vós.
"Se yeye mena mi: Milɔ̃ mia nɔewo. Abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema. To esia wɔwɔ me la, amewo katã anya be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne mielɔ̃ mia nɔewo."
Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo, elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la, wodzii tso Mawu me, eye wònya Mawu.
Ne ame aɖe ƒo adegbe be, "Melɔ̃ Mawu," ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ, elabena ame sia ame si melɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔna o.
Ame si lɔ̃a nɔvia la ƒe agbenɔnɔ nye kekeli eye naneke mele eƒe agbe me si ana be wòakli nu o.
Mawu vi la dzixɔse
Ame sia ame si xɔe se be Yesue nye Kristo la la, wodzii tso Mawu me, eye ame sia ame si lɔ̃a Fofo la la, lɔ̃a Via hã.
Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.
Comunhão e edificação
Não abandoneis a congregação. Encorajem-se mutuamente, cantem juntos e instruam-se na Palavra de Cristo.
Migana míagbɔdzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe nɔa kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo, vevietɔ esi mienyae be eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe.
Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.
Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me.
Abe ale si ga nyrea ga ene la,
nenema kee ame nyrea amee.
Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣeawo katã ɣi,
ke wodzi nɔviŋutsu hena hiãgbe.
Ame si si xɔlɔ̃ geɖe le la ate ŋu awu nu le gbegblẽ me,
gake xɔlɔ̃ aɖe li si kuna ɖe ame ŋu wu dadavi gɔ̃ hã.
Mègagblẽ xɔ̃wò alo fofowò xɔlɔ̃ ɖi o,
eye mègayi nɔviwò ƒe aƒe me ne dzɔgbevɔ̃e ƒo go wò o,
anyo na wò be nàyi hawòvi si tsɔ ɖe gbɔwò la gbɔ wu
nɔviwò si le adzɔge.
Perdão e reconciliação
Se o teu irmão pecar contra ti, vai e repreende-o a sós. O perdão e a reconciliação preservam a unidade do corpo de Cristo.
Nɔvi si dze agɔ le dziwò
"Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne nàɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme, eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe. Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake, be ame siawo naɖu ɖasefo na wò.
Nɔvi si dze agɔ le dziwò
"Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne nàɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme, eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe. Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake, be ame siawo naɖu ɖasefo na wò. Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ nya la yi na hame la, eye ne hame la tso afia na wò, gake melɔ̃ ɖe edzi o la, mibu eya amea abe trɔ̃subɔla alo nudzɔla ko ene.
"Nyateƒe, mele egblɔm na mi be nu sia nu si miabla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.
"Mele egblɔm na mi hã nyateƒetɔe be ne mi ame eve miewɔ ɖeka le anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la, awɔe na mi. Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome."
"Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzi me o."
"Eye Nye, Fia la, maɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi bena, esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’
Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enye nɔvinye ŋutsu, nɔvinye nyɔnu alo danye."
" ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.
Timoteo ƒe dɔdeasi ku ɖe ahosiwo, ametsitsiwo kple kluviwo ŋuti
Mègaƒo nu na ametsitsi aɖeke kple adã o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiwo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene. Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene, eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò ta me ɖe wo ŋu.
Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.