Jovens
Deus tem planos maravilhosos para os jovens. A Bíblia os convida a consagrar a juventude ao Senhor, crescer em sabedoria e ser exemplo para todos em fé, palavra, conduta e amor.
Ninguém despreze a tua mocidade
Paulo exortou Timóteo: sê exemplo dos fiéis na palavra, no procedimento, no amor, no espírito, na fé e na pureza.
Mègana ame aɖeke nabu wò ame gblɔe le wò ɖekakpuinyenye ta o, ke boŋ nye kpɔɖeŋu nyuitɔ na wo. Na woadze nu si nèfiana kple agbe si nènɔna la yome. Na wò lɔlɔ̃, wò xɔse kple wò susu dzadzɛwo nanye kpɔɖeŋu na wo.
Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo.
Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. "Bu fofowò kple dawò," esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo, "be wòadze edzi na wò nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi."
Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. "Bu fofowò kple dawò," esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo,
Lembrar do Criador na juventude
Lembra-te do teu Criador nos dias da tua mocidade. A sabedoria ganha cedo produz frutos duradouros na vida inteira.
Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me,
hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ
le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo.
Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me,
hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ
le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo.
Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli,
ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti,
eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe,
elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime tsitsi ana wò afɔwo
kple abɔwo nadzo nyanyanya,
wò ata sesẽwo nagbɔdzɔ,
wò aɖuwo dometɔ geɖewo natu
eye wò ŋkuwo hã natsi
Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime,
eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime.
Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu,
ke nyae be
Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta,
eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime,
eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ,
elabena ɖekapuimenɔnɔ
kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko.
Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ.
Força e promessa
Os jovens renovam suas forças quando esperam no Senhor. Deus levanta jovens com visões e sonhos para transformar o mundo.
Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna.
Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu,
eye wodzea anyi,
gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la
ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.
Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene.
Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.
Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.
"Le nu siawo megbe la,
matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi!
Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi,
miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo
eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.
Matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi,
ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dzi le ŋkeke mawo me
Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme.
Le ɣeyiɣi si fia la ɖo be woakplɔ wo vɛ na ye ƒe nuwuwu la, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã la kplɔ wo yi na Nebukadnezar. Fia la ƒo nu kpli wo eye wòkpɔ be, ame bubuawo dometɔ aɖeke mede Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria nu o, ale woxɔ wo wodze dɔwɔwɔ na fia la gɔme.
Ɖekakpuiwo ƒe ŋusẽe nye woƒe ŋutikɔkɔe
eye ta ƒowɔ nye ame tsitsiwo ƒe atsyɔ̃.
Wonyaa ɖevi gɔ̃ hã to eƒe nuwɔna me,
ne ele agbe dzadzɛ eye eƒe nuwɔnawo le eteƒe.
Guardar o caminho
Como purificará o jovem seu caminho? Guardando-o segundo a tua Palavra. A Escritura na juventude guarda do pecado a vida inteira.
Aleke ɖekakpui awɔ,
be eƒe mɔ dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi?
To agbenɔnɔ ɖe wò nya la nu mee.
Meɣla wò nya ɖe nye dzi me,
be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o.
Elabena tso ɣe aɖe ɣi ke, wòe nye nye mɔkpɔkpɔ
kple nye dzideƒo tso nye ɖekakpuime ke,
O! Aƒetɔ Yehowa.
ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo,
ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa nekafui.
Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ,
elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖe koe de dzi,
eye eƒe atsyɔ̃ le anyigba kple dziƒowo tame.
Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo:
na nunya kple amehehe,
na nya goglowo gɔmesese,
hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ,
be woawɔ nu si dzɔ,
nu si le eteƒe kple nu si nyo,
be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunya
kple sidzedze sɔhɛwo,
Vinye, ɖo tom ne nàdze nunya
eye na wò dzi nanɔ mɔ dzɔdzɔetɔ dzi.
Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo
alo lã geɖe ɖulawo o.
Elabena ahatsunolawo kple nutsuɖulawo la,
ahee wodana eye alɔ̃ tsu dɔdɔ nana wonɔa awu vuvuwo me.
Ɖo to fofowò, ame si dzi wò
eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o.
Coragem e vocação
Deus chamou jovens como Jeremias e Josué para grandes missões. A juventude não é desculpa — é oportunidade de servir poderosamente.
Ke megblɔ be, "O, Aƒetɔ Mawu, nyemenya nuƒoƒo o eye ɖevi ko meganye."
Ke Yehowa gblɔ nam be, "Mègagblɔ be, ‘Ɖevi ko menye’ o. Ele na wò be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ wò ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò. Mègavɔ̃ na wo o, elabena meli kpli wò be maɖe wò." Yehowae gblɔe.
Yehowa be, menya ɖoɖo siwo mewɔ ɖe mia ŋu, mewɔ ɖoɖo be nu nadze edzi na mi, menye mawɔ vɔ̃ mi o, be mana mɔkpɔkpɔ mi eye ŋu nyui aɖe hã nake na mi. Ekema miayɔm eye matɔ na mi, miado gbe ɖa nam eye maɖo to mi. Miadim eye miakpɔm; ne miedim kple miaƒe dzi blibo ko. Miake ɖe ŋunye, eye makplɔ mi agbɔe tso aboyo me. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã me kple teƒe siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye magakplɔ mi ava teƒe sia, afi si mekplɔ mi tsoe yi ɖe aboyo mee." Yehowae gblɔe.
Nu si wòle be nàwɔ koe nye nàsẽ ŋu, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ se siwo katã nye dɔla, Mose de na mi la dzi. Migatrɔ le eyome ɖe ɖusime alo miame o, be wòadze edzi na mi le afi sia afi si miayi. Mègana Segbalẽ sia nado le wò nu me o, de ŋugble le eŋu zã kple keli be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi nyuie. Ekema dzɔgbenyui kple dzidzedze anɔ wò mɔ dzi. Ɖe nyemede se na wò be nàse ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo oa? Ŋɔ megadzi wò o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabena Yehowa, wò Mawu la anɔ kpli wò le afi sia afi si nàyi."
Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena,
"Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,
ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu."
Eya ta azɔ la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi.
Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,
Elabena mienya Fofo la.
Meŋlɔe na mi, fofowo,
Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.
Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,
Elabena miesẽ ŋu,
Mawu ƒe nya la le mia me,
Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o.
Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime.