Pular para o conteúdo
Publicidade

Maria

Por Bíblia Online

Maria, mãe de Jesus, é honrada nas Escrituras como a mulher escolhida por Deus para trazer ao mundo o Salvador. Sua fé, humildade e obediência são exemplo para todos os cristãos.

A escolhida de Deus

O anjo Gabriel anunciou a Maria que ela seria mãe do Filho do Altíssimo. Ela respondeu com fé: 'Faça-se em mim segundo a tua palavra.'

Wodo Yesu dzidzi ŋugbe

Le Elizabet ƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti adelia me la, Mawu mawudɔla Gabriel ɖo ɖe kɔƒe aɖe si woyɔna be Nazaret, si le Galilea la me. Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la nye ɖetugbi aɖe si menya ŋutsu o, eye woyɔnɛ be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe. Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me, eye wògblɔ be, "Ŋutifafa na ! ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetɔ la li kpli ."

Mawudɔla la yi edzi gblɔ be, "Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra nukutɔe! Èle fu ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu.Anye ame xɔŋkɔ aɖe, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la . Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o."

Yesu dzidzi

Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Wodo Maria, Yesu dada ŋugbe na Yosef be wòaɖe, gake hafi woava kpe la, wokpɔ be Maria fu to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.

O Magnificat

Maria cantou: 'Minha alma engrandece ao Senhor!' Seu cântico exalta a misericórdia, o poder e a fidelidade de Deus.

Maria ƒe kafukafuha

Maria ɖo eŋu na Elizabet be,

"O, nye luʋɔ le Aƒetɔ la kafum ale gbegbe.

Eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu nye xɔla la ŋuti.

Elabena ekpɔ nye,

eƒe subɔla sia ƒe ame gblɔe nyenye,

eye tso azɔ dzi yina la, woayɔm be Mawu ƒe

ame yayra tso dzidzime yi dzidzime.

Elabena Ŋusẽtɔ la nu gãwo nam.

Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.

Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo ̃

tso dzidzime yi dzidzime.

Ewɔ nu dzɔtsuwo kple eƒe alɔ,

eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me.

Eɖe fiawo ɖa le woƒe zi dzi, ke edo ame siwo bɔbɔ

wo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi.

Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo,

ke edo kesinɔtɔwo asigbɔloe.

Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu,

eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi

be wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee,

abe ale si wòdo ŋugbee na mía fofowo ene."

Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze tso Nazaret si le Galilea la me. Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu eƒo le ɣe ma ɣi me.

Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi, ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o.

Ke Maria ya ɣla nya siawo katã ɖe eƒe dzi me, eye wòbua wo ŋu zi geɖe.

Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, "Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene, ale be ame geɖewo aɖe woƒe susuwo ɖe go afia, ke la, yi aƒo ɖe luʋɔ le eta."

Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe o. Mlɔeba la, dadaa gblɔ be, "Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? kple fofowò míetsi dzodzodzoe diwòm le afi sia afi."

Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, "Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?" Edzilawo mese nya si wògblɔ na wo la gɔme o.

Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me.

Mãe fiel até o fim

Maria acompanhou Jesus desde o nascimento até a cruz. Ela estava entre os discípulos no Pentecostes, fiel em oração.

Esi wɔnawo edzi yim la, wain si nom ameawo la . Ale Yesu dada va egbɔ hegblɔ be, "Wain mele wo si o."

Yesu ɖo eŋu na dadaa be, "Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o."

Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, "Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ."

Nyɔnu aɖewo tsi tsitre ɖe atitsoga la gbɔ. Woawoe nye Yesu dada, Yesu dada nɔvi si woyɔna be Maria, Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala la. Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ be, "Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi."

Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la be, "Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!" Eye tso ɣe ma ɣi dzi la, nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒe aƒe mee.

Ame siwo nye Yesu ƒe ƒometɔ vavãwo

Azɔ Yesu dada kple nɔviawo va aƒe si me wònɔ la godo, wodɔ ame aɖe be wòayɔe na wo. Ameha aɖe anyi ɖe egbɔ ƒo xlãe, eye wogblɔ be, "Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo di be yewoakpɔ le aƒea godo."

Yesu biae be, "Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?"

Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo, eye wògblɔ be, "Ame siawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo! Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enye nɔvinye ŋutsu, nɔvinye nyɔnu alo danye."

Ɖe menye eyae nye atikpala la ƒe viŋutsu oa? Ɖe menye dadaa ŋkɔe nye Maria, eye nɔvia ŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simɔn kple Yuda oa? Ɖe nɔvia nyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi ka ̃ ŋutsu sia kpɔ nu siawo katã tsoe?"

Wonɔ gbedodoɖa dzi atraɖii kple nyɔnu siwo wo ŋu kpakple Yesu dada Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo.

Seja o primeiro

Este artigo te tocou? Faça uma oração!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.