Nem só de pão vive o homem
'Nem só de pão vive o homem' — essa declaração de Jesus ao diabo no deserto revela que a Palavra de Deus é o verdadeiro alimento que sustenta a vida em plenitude.
O verdadeiro alimento
Quando tentado a transformar pedras em pão, Jesus respondeu com a Escritura: a vida humana depende de toda palavra que sai da boca de Deus.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ "
Abosam gblɔ nɛ be, "Nenye be Mawu vie nenye tututu la, ekema ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo."
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋuti ame nanɔ agbe ɖo o."
Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me.
Jesus, o pão vivo
Jesus é o pão da vida que desceu do céu. Quem come deste pão viverá para sempre. Ele é o sustento que satisfaz a fome da alma.
Yesu gblɔ be, "Nyee nye agbebolo la. Ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o.
Nyee nye agbebolo la!
Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta."
Abe ale si Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Fofo la ta ene la, nenema ke ame si ɖua nye ŋutilã la anɔ agbe, elabena mena agbe wo. Nyee nye abolo tso dziƒo va. Mia fofowo ɖu mana, eye woku, ke ame si aɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me."
Buscar o Reino acima de tudo
Não andeis ansiosos pelo que comer ou beber. Buscai primeiro o Reino de Deus, e todas estas coisas vos serão acrescentadas.
Le dzimaɖitsitsi ŋuti
"Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa?
Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi. Xexemedukɔwo katã dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo. Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi."
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ bena, "Nufiala, va ɖu nu." Ke Yesu gblɔ na wo be, "Nuɖuɖu le asinye, esi ŋu miawo mienya nu le o."
Ke nusrɔ̃lawo bia le wo nɔewo dome be, "Ɖe ame aɖe tsɔ nuɖuɖu vɛ nɛa?"
Yesu gblɔ na wo be, "Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu.
Togbɔ be gboti meƒo se o
eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o,
togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o,
togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me,
eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la,
nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me
eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me.
Aƒetɔ Yehowae nye ŋusẽ.
Ewɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene,
eye wònana be mazɔa Kɔkɔeƒewo.
Na hafiala, woadzi ɖe kasaŋku ŋu.