Nova aliança
A Nova Aliança é o pacto de graça que Deus estabeleceu através de Jesus Cristo. Diferente da antiga, ela é escrita no coração, mediada pelo sangue de Cristo e acessível a todos.
A profecia da Nova Aliança
Jeremias profetizou uma aliança nova em que Deus escreveria sua lei no coração do povo. Essa promessa se cumpriu em Cristo.
Yehowa be, "Ɣeyiɣi li gbɔna
esi mabla nu yeye
kple Israel ƒe aƒe
kple Yuda ƒe aƒe.
Manɔ abe nu si mebla
kple wo fofowo ene
esi melé woƒe alɔnu be
makplɔ wo do goe le Egipte la ene o.
Elabena wotu nye nubabla
la togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,"
Yehowae gblɔe.
"Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe la
le ɣeyiɣi ma megbe," Yehowae gblɔe.
"Matsɔ nye se ade woƒe susuwo me
eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti.
Manye woƒe Mawu,
eye woanye nye dukɔ.
Ame aɖeke magafia nu ehavi
alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o,
elabena wo katã woadze sim
tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,"
Yehowae gblɔe.
"Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo
eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o." Yehowae gblɔe.
Ke nunɔladɔ si wode asi na Yesu la kɔ sãa wu wo tɔ, eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi.
Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbãtɔ ŋu o la, anye ne wometsɔ nubabla bubu ɖɔlii o.
Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be "yeye" la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo, eye nu si tsi, do xoxo la nu ava yi kpuie.
Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe kpeɖodzinu.
Selada com sangue
Jesus instituiu a Nova Aliança na Última Ceia: 'Este cálice é a nova aliança no meu sangue.' Seu sacrifício é definitivo e perfeito.
Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be, "Kplu sia nye nubabla yeye le nye ʋu si wokɔ ɖe anyi le mia ta la me.
Emegbe la, etsɔ wainkplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta, eye wòtsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Mi katã mixɔe no, esiae nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme."
ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.
Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta.
Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehiã be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi, elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽ la le agbe o. Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋumanɔmee o. Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔa la, etsɔ nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzĩ kple kakle, eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ la katã ŋuti. Tete wògblɔ be, "Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi."
Se la nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli ko, eye menye nua ŋutɔwo o. Le susu sia ta la, vɔsa siwo wowɔna agbadree ƒe sia ƒe la mate ŋu awɔ ame siwo va subɔnɛ la blibo gbeɖe o. Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o. Ke vɔsa mawo ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ameawo ƒe sia ƒe, elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o.
Reconciliação e vida nova
Pela Nova Aliança somos reconciliados com Deus, trazidos para perto pelo sangue de Cristo e feitos embaixadores da reconciliação.
Eya ta ne ame aɖe xɔ Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, "kpɔ ɖa!" nuwo katã zu yeye. Nu siawo katã tso Mawu, ame si wɔ mí etɔwoe to Kristo dzi la gbɔ. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be míakplɔ ame bubuwo hã va ye gbɔe ne yeakpɔ nublanui na wo, eye woawɔ ɖeka kple ye. Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu to Kristo dzi le xexea me katã kpem va eɖokui gbɔe. Magaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ atsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo katã. Eya ta míawo la, Kristo ƒe ame dɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii. Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.
Míele nya siawo gblɔm kple kakaɖedzi, elabena míeɖo ŋu ɖe Mawu ɖeka hɔ̃ la ko ŋu to Kristo dzi. Míawo la, ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo katã o, ke míaƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ. Mawue nye ame si na míedze be míanye Nubabla Yeye la ƒe gbeƒãɖelawo. Nubabla Yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye se siwo woŋlɔ la gbɔ. Ke yeyetɔ nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.
Eya ta miɖo ŋku edzi be tsã la, mi ame siwo menye Yudatɔwo tso dzidzime o, eye ame siwo yɔa wo ɖokuiwo be "aʋatsotsotɔwo" (nu si amewo tsɔa asi wɔnɛ) la yɔa mi be "aʋamatsomatsotɔwo" la, miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o. Gake azɔ la, mienye Kristo Yesu tɔ, eye togbɔ be mienɔ adzɔge ke tsã tso Mawu gbɔ hã la, azɔ wokplɔ mi va egbɔe, to Yesu Kristo ƒe ʋu la me.
Esiae nye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene.