Nova criatura
Em Cristo somos nova criação. O velho se foi, tudo se fez novo. A transformação não é reforma — é renascimento completo pelo poder do Espírito Santo.
Novas criaturas em Cristo
Se alguém está em Cristo, nova criação é. As coisas velhas passaram e eis que tudo se fez novo. A transformação é radical e total.
Eya ta ne ame aɖe xɔ Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, "kpɔ ɖa!" nuwo katã zu yeye.
Elabena le Kristo me la, aʋatsotso kple aʋamatsomatso menye naneke o, nu si le vevie lae nye be ame nazu nuwɔwɔ yeye.
Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.
Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ be, "Mele nuwo katã wɔm yeyee!" Tete wògblɔ be, "Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo, eye wonye nyateƒenyawo hã."
Despir o velho e vestir o novo
Somos chamados a despir o velho homem e vestir o novo, criado segundo Deus em justiça e santidade provenientes da verdade.
Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, be miaɖe asi le agbenɔnɔ xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi, to eƒe beblenudzodzrowo me. Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee, eye mianɔ agbe yeye si wowɔ wòle abe Mawu ene le dzɔdzɔenyenye vavã kple kɔkɔenyenye me.
Migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe agbe xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa. Azɔ la, miele agbe yeye nɔm, eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le sidzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me.
Eya ta esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.
Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me. Elabena míenya be woklã míaƒe nɔnɔme xoxoawo ɖe atitsoga ŋu kplii, bena woaɖe ŋutilã si dzi nu vɔ̃ ɖu fia ɖo la ɖa, be míaganye kluvi na nu vɔ̃ azɔ o. Elabena ame sia ame si ku la, woɖee tso nu vɔ̃ si me.
Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye.
Coração e Espírito novos
Deus promete dar um coração novo e um espírito novo. Pelo novo nascimento somos feitos participantes da natureza divina.
Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi la ɖa le wo me, eye mana lãkusidzi wo. Ekema woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye woakpɔ egbɔ be, yewowɔ nye seawo dzi. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o."
To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me, eye míasi le gbegblẽ si ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo he va xexea me la nu.
"Miŋlɔ blemanuwo be.
Migaɖo ŋu ɖe gbe aɖe gbe nuwo ŋu o.
Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm!
Edo mo ɖa xoxo, mèle ekpɔm oa?
Mele mɔ tam ɖe gbedzi, eye mana tɔsisiwo
nado ɖe kuɖiɖinyigba dzi.