Publicidade

A nova jerusalém

Por Bíblia Online

A Nova Jerusalém é a cidade de Deus que desce do céu, morada eterna dos redimidos. Nela não haverá mar, morte, choro nem dor — Deus habitará com seu povo para sempre.

A cidade celestial

João viu a santa cidade, a Nova Jerusalém, descendo do céu como noiva adornada para o esposo. Ali Deus morará com seu povo.

Mekpɔ Du Kɔkɔe la si nye Yerusalem yeye la le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene. Tete mese gbe aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, "Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu. Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi."

Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me heyi ɖe to kɔkɔ aɖe dzi, eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam. Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, eye eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi aɖe ene, eye wòle abe yaspakpe ene, eye eme keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene. Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, eye woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe gli la me, eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi. Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le anyiehe, etɔ̃ le dziehe, eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe. Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na du la ƒe gliwo, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.

Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabena Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ. Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.

Agbetɔsisi la

Tete mawudɔla la fia agbetsitɔsisi lam, eye eme keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene; ele sisim tso Mawu ƒe fiazikpui la kple Alẽvi la gbɔ heva to dumɔ la titina. Agbeti la le tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi; etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe, eye eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo. Fiƒode aɖeke maganɔ anyi azɔ o. Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui anɔ du la me, eye eƒe dɔlawo asubɔe. Woakpɔ eƒe ŋkume, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowo nu. maganɔ anyi o. Womahiã akaɖi ƒe keklẽ alo ɣe ƒe keklẽ o, elabena Aƒetɔ Mawu ana akaɖi wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.

A pátria celestial

Os patriarcas aguardavam uma cidade que tem fundamentos, cujo arquiteto e construtor é Deus. Nosso lar eterno está além desta vida.

Le esia teƒe la, wole du si nyo wu esi nye dziƒotɔ la dim. Eya ta menye ŋukpe na Mawu be woayɔe be woƒe Mawu o, elabena edzra du nyui aɖe ɖo ɖi na wo.

Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpeakpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me. Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ, mieva Yesu, nubabla yeye la ƒe avuléla la gbɔ kple ʋuhehlẽ ɖi si ƒo nu nyuie wu Abel ƒe ʋu la gbɔ.

Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada.

Yesu fa akɔ na eƒe nusrɔ̃lawo

Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, "Migana vɔvɔ̃ naɖo mi, eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye dzinye se. Fofonye ƒe aƒe me la, geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be, mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo mianɔ afi ma.

A glória da Nova Jerusalém

Deus habitará no meio do seu povo. Sua presença será a luz da cidade, e o rio da vida fluirá do trono de Deus e do Cordeiro.

Tɔsisi aɖe li,

esi ƒe tsiwo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du,

teƒe kɔkɔe, afi si Dziƒoʋĩtɔ la nɔna.

"Teƒe la katã ƒe didime anye mita akpe asiekɛ.

"Eye du la ƒe ŋkɔ tso ɣe ma ɣi dzi yina la anye, Aƒetɔ Yehowa le afi ma.’ "

"O, Zion vinyɔnu, tso aseye nàkpɔ dzidzɔ, elabena megbɔna be manɔ dowòme." Yehowae gblɔe. "Dukɔ geɖewo ava ƒo ƒu ɖe Yehowa ŋu gbe ma gbe, eye woanye nye amewo. Manɔ mia dome eye mianya be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Yuda azu Yehowa ƒe gome kple domenyinu le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem.

Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ fiakuku la le asiwò o. Ame si aɖu dzi la, mawɔe wòazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me, eye magado go akpɔ o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu, eye wòazu dumevi, atso nye Mawu ƒe du, Yerusalem Yeye la me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu ana woaŋlɔ nye ŋkɔ yeye la ɖe ame sia ŋu.

eye ne ame aɖe aɖe nya aɖewo le nyagblɔɖigbalẽ sia me la, Mawu mana wòakpɔ gome le agbeti la kple du kɔkɔe si ŋuti woƒo nu le le agbalẽ sia me la me o.

Seja o primeiro
Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-