Pai da mentira
A Bíblia revela que o diabo é o pai da mentira. Ele engana, acusa e tenta destruir. Mas Cristo veio para desfazer as obras do maligno e nos dar vitória.
O caráter do diabo
Jesus disse que o diabo é mentiroso e homicida desde o princípio. Não há verdade nele — a mentira é sua natureza.
Miawo la, Abosam ƒe viwoe mienye, eye miedina be yewoawɔ mia fofo ƒe didi. Amewula wònye tso gɔmedzedzea me ke, eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe aɖeke mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, egblɔnɛ ɖe wo de gbe me. Aʋatsotɔ kple aʋatsofofo wònye.
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi.
Wotsɔ ʋɔ driba gã la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ alo Abosam, ame si kplɔ xexea me katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba.
Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be,
"Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe,
ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo,
elabena wotsɔ mía nɔviawo nu tsola,
ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la ƒu gbe ɖe anyigba.
Esia mewɔ nuku nam o, elabena Satana ŋutɔ hã tea ŋu trɔa eɖokui ɣe aɖewo ɣi abe Mawudɔla ene.
Satana, ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe nɔnɔme la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o.
As obras do inimigo
O diabo rouba a Palavra semeada, cega o entendimento dos incrédulos e anda em derredor como leão rugidor buscando a quem devorar.
Anyigba alo mɔ to, afi si nuku aɖewo ge ɖo la nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o, ale Satana va ɖea nyanyui la le eƒe dzi me.
Agble lae nye xexea me, eye bli lae nye ame si le mawufiaɖuƒe la me, ke gbeku vɔ̃ɖiwoe nye dzimaxɔsetɔwo. Futɔ si ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe blia me lae nye Abosam. Nuŋeɣi lae nye xexea me ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo.
Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene.
Ŋutsu nu vɔ̃ wɔla sia ava kple Satana ƒe ŋusẽ eye Satana awɔ eŋu dɔ atsɔ wɔ dzesi kple nukunu gã geɖewo, atsɔ aflu amewoe.
Nyemagaƒo nu na mi fũu o, elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o,
Vitória em Cristo
Cristo apareceu para destruir as obras do diabo. Quem está em Deus é protegido, e o maligno não o toca.
Ame si wɔa nu vɔ̃ la, enye Abosam ƒe ame, elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va ɖo lae nye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo.
Minyae kɔtɛe be ne wodzi ame aɖe tso Mawu me la, meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o; Mawu Vi la ŋutɔ kpɔa eta be wònɔna dedie, eye Vɔ̃ɖitɔ la metea ŋu kaa asi eŋu o. Míenyae be Mawu viwoe míenye, eye be xexea me blibo la le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.
be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’
Wokɔ Abosam, ame si ble wo la ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me, afi si wotsɔ lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la hã ƒu gbe ɖo la. Woawɔ funyafunya wo zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me.
Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu te. Mitsi tsitre sesĩe ɖe Abosam ŋuti, ekema asi le mia nu.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.