Pão
O pão é símbolo central na Bíblia: do maná no deserto ao pão da vida — Jesus. A Escritura usa o pão para ensinar sobre provisão divina, comunhão e dependência espiritual.
O maná do céu
Deus alimentou Israel no deserto com pão do céu. O maná era diário, fiel e suficiente — retrato da provisão constante de Deus.
Yehowa gblɔ na Mose be, "Mese woƒe liʋĩliʋĩlilĩ. Gblɔ na wo be, ‘Le fiẽ sia la, lã aka mia si; le ŋdi la, miaxɔ abolo, eye mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ "
Gbe ma gbe fiẽ la, tegliwo ƒe ha gã aɖe va do, eye woxe asaɖa la tame. Le ŋdi la, afu do ƒo xlã asaɖa la, eye esi xexeme kɔ ŋdi la, nu ɣi nogonogoewo nɔ anyigba abe kpetsi ene. Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be, "Nu kawoe nye esiawo?" Elabena womenya nu si wonye o. Mose gblɔ na wo be, "Esiawoe nye abolo si Yehowa na mi be miaɖu.
Israelviwo yɔa abolo la be, "mana." Ele ɣie abe bliku ene, eye wòvivina abe akpɔnɔvivi si me wode anyitsii ene.
Ke hã la, eɖe gbe na lilikpowo le dzi,
eye wòʋu dziƒo ƒe ʋɔtruwo,
ena mana dza tso dziƒo na dukɔ la be woaɖu,
eye wòna bli wo tso dziƒo.
Amegbetɔ ɖu mawudɔlawo ƒe nuɖuɖu,
eye wòɖo nuɖuɖu si sinu wohiã la ɖe wo.
Ena gbe mie na nyihawo,
eye wòƒãa nuku na amegbetɔ be wòaxa,
ale wòna nuɖuɖu do tso anyigba la me na wo;
wain si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi,
ami si ana be eƒe mo nanɔ keklẽm
kple abolo si alé eƒe dzi ɖe te.
O pão da vida
Jesus declarou: 'Eu sou o pão da vida.' Quem vem a Ele nunca terá fome, e quem nele crê jamais terá sede. Ele é o sustento eterno.
Yesu gblɔ na wo be, "Nyateƒe gblɔm mele na mi be, menye Mosee na abolo tso dziƒo mi o, ke boŋ Fofonyee. Abolo si Mawu na lae nye ame si tso dziƒo va, eye wòna agbe xexea me."
Ameawo gblɔ be, "Aƒetɔ, tso fifia heyi la, na abolo sia mí."
Yesu gblɔ be, "Nyee nye agbebolo la. Ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o.
Nyee nye agbebolo la! Togbɔ be mia fofowo ɖu mana si tso dziƒo hã la, woku. Ke esiae nye abolo si tso dziƒo va, esi ame aɖu, eye maku o. Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta."
Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, "Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’ "
Partilha e comunhão
O partir do pão une o corpo de Cristo. Na Ceia, na generosidade e na partilha, expressamos a comunhão com Deus e uns com os outros.
Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, "Esia nye nye ŋutilã si metsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye."
Elabena ɣe sia ɣi si miaɖu abolo sia eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.
Ne míele Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖum la, mí katã míedoa gbe ɖa eye míenoa nu le kplu ɖeka nu. Ɖe esia mefia be mí katã míele yayra ɖeka xɔm tso Kristo ƒe ʋu me oa? Azɔ ne míeka abolo ɖeka me heɖu la, esia hã fia be mí katã míekpɔ viɖe tɔxɛ tso Kristo ƒe ŋutilã me oa? Ne míesɔ gbɔ ale gbegbe hã la, abolo ɖeka ma ko míemana ɖuna. Esia ɖo kpe edzi na mí be mí katã míenye Kristo ƒe ŋutilã ɖeka ma ƒe akpa aɖe.
"Ale si miado gbe ɖae nye esi:
" ‘Mía Fofo si le dziƒo,
woade bubu wò ŋkɔ ŋuti,
wò fiaɖuƒe neva,
woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi
abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene.
Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi.
Woayra ame si nyoa dɔ me na amewo
elabena emaa eƒe nuɖuɖu kple ame dahewo.
Gake Yesu gblɔ na wo be, "Miawo mina nuɖuɖu wo."
Nusrɔ̃lawo biae be, "Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe."
Yesu bia wo be, "Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa."
Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, "Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li."
Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. Ale ameawo nɔ anyi ɖe hatsotso alafawo kple blaatɔ̃wo me. Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme. Ameawo ɖu nu la ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã, eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve.
Provisão divina
O justo não é desamparado e seus descendentes não mendigam pão. Deus provê com fidelidade o alimento de cada dia.
Tsã la, menye ɖevi, ke azɔ la metsi,
gake womegble ame dzɔdzɔe aɖeke ɖi mekpɔ kpɔ loo,
alo wo viwo nabia abolo hafi aɖu o.
Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu
Wogatso ƒu la yi ɖe go kemɛ dzi, ke nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi le afi sia be, yewomeƒle nuɖuɖu ɖe asi o. Yesu xlɔ̃ nu wo vevie gblɔ be, "Mikpɔ nyuie le Zadukitɔwo kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti."
Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o la tae wògblɔ nya siawo ɖo.
Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo be, "O! Mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o ɖo? Nu ka ta miate ŋu ase nu gɔme o ɖo? Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) kple abolo atɔ̃, eye esi susɔ la yɔ kusiwo oa? Esi menyi ame akpe ene (4,000) ɖe, mieɖo ŋku edzi kple abolo gbogbo si susɔ míelɔ ɖe kusi me o mahã? Aleke wɔ miedze sii kpɔ be menye nuɖuɖu ŋutie mele nu ƒom le o mahã? Megale egblɔm na mi be, ‘Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.’ "
Ke azɔ la, wose nu si wòwɔnɛ be amɔʋãnu la gɔme, eyae nye alakpanu siwo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nɔa fiafiam la.
"Tsɔ wò abolo da ɖe tsi dzi"
Na nu amewo faa
elabena wò nunana atrɔ ava wò ŋutɔ
gbɔwò gbe aɖe gbe emegbe.
Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me
elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe
le ŋkeke siwo ava la me.