Pular para o conteúdo
Publicidade

O papel da mulher

Por Bíblia Online

A Bíblia honra a mulher como colaboradora essencial no plano de Deus. De Provérbios 31 às mulheres do Novo Testamento, a Escritura celebra a sabedoria, a força e a fé feminina.

A mulher virtuosa

Mulher virtuosa, quem a achará? Seu valor excede o de rubis. Ela é sábia, trabalhadora, generosa e temida pelo Senhor.

Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu?

Exɔ asi wu adzagba.

Srɔ̃a kana ɖe edzi blibo

eye nu sia nu si ŋu asixɔxɔ le la mevena le egbɔ o.

Le nyɔnu sia ƒe agbemeŋkekewo katã me la,

ehea nyui ko , ke menye ̃ o.

Edia ɖetifu kple avemeka

eye wòwɔa kple eƒe asiwo faa.

Ele abe asiʋu ene

eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vaa aƒee.

Efɔna ne ŋu mekpɔ ke o,

edia nuɖuɖu na eƒe ƒometɔwo eye wòmaa na eƒe dɔlanyɔnuwo.

Ebua ta me le agble ŋu eye wòƒlenɛ,

eɖena tso eƒe nukpɔkpɔwo me tsɔna dea waingblee.

Ewɔa kple ŋkubiã

eye eƒe alɔwo sẽna ɖe eƒe dɔwo ŋu.

Ekpɔa egbɔ be yeƒe asitsatsa ɖe vi geɖe

eye yeƒe akaɖi metsina le me o.

Ɖetifutreti le eƒe asi me

eye wòtsɔa eƒe asibidɛwo léa ɖetitrekekee.

Eʋua asi na ame dahewo

eye wòdoa asi ɖe hiãtɔwo gbɔ.

Etɔa aklala biɖibiɖi ƒe awuwo dzrana

eye wòdzraa alidziblanu na asitsalawo.

Edo ŋusẽ kple bubu abe awu ene

eye ate ŋu ako ŋkeke siwo gbɔna.

Eƒoa nu kple nunya

eye nufiame anukwaretɔ le eƒe aɖe dzi.

Ekpɔa eƒe aƒekɔ ƒe nyawo gbɔ nyuie

eye meɖua kuviabolo o.

Nyɔnu nyanu tua eya ŋutɔ ƒe ,

ke nyɔnu bometsila ya tsɔa eya ŋutɔ

ƒe asi vuvua si wòtu la kɔna ɖe anyi.

Nuxɔxlɔ̃ amewo le ha baɖa dede ŋuti

Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃

eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.

Beleza interior

A beleza verdadeira não é exterior, mas o caráter incorruptível de um espírito manso e tranquilo. Isso tem grande valor diante de Deus.

Srɔ̃nyɔnuwo kple srɔ̃ŋutsuwo

Nenema ke mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo ale be ne wo dometɔ aɖewo mexɔ nya la dzi se o la, to wo srɔ̃nyɔnuwo ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔ me la, woakpɔ ɖeɖe, nya aɖeke magblɔmagblɔ na woe, ne wokpɔ dzadzɛnyenye kple bubu si le woƒe agbe me. Miaƒe tugbedzedze megatso gota gome lekewɔwɔ me, abe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo dodo kple avɔ xɔasiwo tata me ene o, ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ. Elabena aleae nyɔnu kɔkɔe, siwo anyi le blema, esiwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi la wɔa leke na wo ɖokuiwoe. Wobɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo abe ale si Sara bɔbɔ eɖokui na Abraham, eye wòyɔe be aƒetɔ la ene. Mienye via nyɔnuwo ne miewɔ nu dzɔdzɔe, eye mieɖe na vɔvɔ̃ o.

Nenema ke, mi srɔ̃ŋutsuwo minɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me, mide bubu wo ŋu, elabena wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, eye wonye domenyilawo kpli mi le amenuveve nunana si nye agbe si wona mi, ale be naneke maxe na miaƒe gbedodoɖawo o.

Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzɛnyenye kple nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo kple dzonu xɔasiwo dede kple avɔ xɔasiwo tata me o,

Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye ahatsunolawo kple amenyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƒe le nu sia nu me.

Parceria e dignidade

Deus criou homem e mulher à sua imagem. A mulher não é inferior, mas parceira e co-herdeira da graça da vida.

Ale Mawu ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme me.

Mawu ƒe nɔnɔme me wòwɔ ame ɖo;

ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.

Mawu yra wo gblɔ na wo be, "Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo."

Mawu Eva

Yehowa Mawu gblɔ be, "Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la ."

Mawu gblɔ na nyɔnu la be,

"Àdzi vi le fukpekpe

kple vevesese geɖe me,

gake srɔ̃ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko,

eye srɔ̃anye aƒetɔ na ."

Gake minyae nyuie be Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu kple nyɔnu siaa hiã na wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me. Elabena togbɔ be nyɔnu gbãtɔ do go tso ŋutsu me la, tso ɣe ma ɣi dzi va se ɖe fifia la, ŋutsuwo do go tso nyɔnu me, eye wo katã tso Mawu, woƒe Wɔla gbɔ.

Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene. Elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, eye wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe hame la ta abe ale si Kristo nye ta na hame si nye eƒe ŋutilã la ene be yeanye eƒe Ɖela. Azɔ abe ale si hame la bɔbɔ eɖokui na Kristo ene la, nenema ke nyɔnuwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo le nu sia nu me.

Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo o. Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui, eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwoe. Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.

Seja o primeiro